Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Nu sia ku ɖe ŋutsu aɖe si si viŋutsu alo vinyɔnu aɖeke mele o la ŋu, ke ŋutsu sia wɔa dɔ sesĩe matsomatsoe, eye wòƒoa kesinɔnuwo nu ƒu. Ame kae wòagblẽ nu siawo katã ɖi na? Nu ka ta wòle nu gbem le eɖokui gbɔ nenema? Viɖe aɖeke kura mele eme o.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 4:8
21 Mawu Ofanana  

Eye Yehowa Mawu gblɔ bena: Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.


Kpɔ ɖa, èwɔ nye ŋkekewo wonye asi ƒe kekeme, eye nye agbenɔɣi menye naneke le ŋkuwò me o. Nyateƒe, ne amegbetɔ li ke ʋuu hã la, ƒuƒu ko wònye. Sela.


Vavã, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene, eye ƒuƒu ŋu ko wòle zi dom ɖo; eli kɔ nu gleglegle, ke menya ameka si me wole yiyi ge ɖe o.


Tsieƒe kple aʋli me maɖi ƒo akpɔ o; nenema amegbetɔ ƒe ŋku hã maɖi ƒoe o.


Meɖo nye ta me anyi, be matsɔ nunya adzro nusiwo kalã dzɔna le dziƒoa te la me akpa, eye makpɔ wo ta ɖa. Agbagbadzedze vɔ̃e wònye Mawu tsa na amegbetɔviwo, ne woatsɔ ana kutri kumi.


Nuwo kalã le agbagbadzedze dzi, emegbelɔ mele ŋu aƒo nu le wo ŋu avɔe o; nukpɔkpɔ meɖia ƒo na ŋku o, eye nusese meyɔa to o.


Elabena ne amea ɖe tsa nunya, gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe ɖɔe la, ele na be, wòagblẽe ɖi na ame bubu, si medze agbagba le eŋu o la, woa zu etɔ. Esia hã tofloko kple vɔ gã wònye.


Elabena eƒe ŋkekewo katã nye vevesese, eye nuxaxa nye eƒe dɔwɔwɔwo, le zã me gɔ̃ hã eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia hã toflokoe!


Eye megakpɔ tofloko le ɣea te;


Ne kesinɔnu dzi ɖe dzi la, eɖulawo hã dzinu ɖe edzi, eye nuãtɔ mekpɔa viɖeã ɖeke tsoe eme o, negbe ekpɔkpɔ kple ŋku ko.


Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo na o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖea ɖeke metso eme nɛ o. Esia hã toflokoe.


Baba na amesiwo le xɔ tsiãm ɖe xɔ nu, eye wole agble didim ɖe agble nu, vaseɖe esime teƒea ɖeke maganɔ anyi o, ne woawo ɖeɖe nanɔ anyigba dzi!


Nuka ta miebe, yewoaxlẽ ga ɖe nusi menye abolo o la ta, eye miawɔ dɔ ɖe nusi meɖia ƒo o la ta? Miɖo tom ko, ekema miaɖu nu nyui, eye miaƒe luʋɔ ƒe dzeme akɔ ɖe ami ŋu.


Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi.


Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?


Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa