Eye megade ŋku de ameteteɖeanyi, siwo katã dzɔna le ɣea te la, eye kpa da, amesiwo woto de anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o; amesiwo te wo de anyi la, se ŋuta le wo ŋu, ke akɔfalaa ɖeke meli na wo o.
Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!
Ke nye gbe kple nye fameɖoɖo, siwo meɖe asi na nye dɔla nyagblɔɖilawo la, ɖe womeva mia fofowo dzi, ale be woyi ta me hegblɔ bena: Alesi Yehowa Zebaot ɖo be, yeawɔ mi ɖe miaƒe zɔzɔme kple míaƒe nuwɔnawo nu la, nenema wòwɔ mi oa?