Tete Dawid gblɔ na Yoab kple ameha, siwo katã le eŋu, bena: Midze miaƒe awuwo, mita akpanya, eye mifa konyi le Abner ŋgɔ! Eye fia Dawid dze amekukugba la yome.
Esi Israel-fia xlẽ agbalẽa la, edze eƒe awuwo gblɔ bena: Mawue menye, ne mawu ame agagbɔ agbee, hafi amesia dɔ ame ɖo ɖe gbɔnye, be mayɔ dɔ anyi na ŋutsu sia? Midze sii kokoko be, mɔnu dim wòle le ŋunye.
Elabena wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, woawu mí, eye woagblẽ mía dome. Ɖe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.
Eye Petro tsi tre, eye wòyi kpli wo. Eye esi wòva la, wokplɔe yi ɖe dziƒoxɔa me, eye ahosiawo katã le tsitre ɖe egbɔ le avi fam hele awutewui kple awu ʋlaya, siwo Zi tɔ, esime woa kpli wo wonɔ anyi la, fiam.