Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 3:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Eyata mekpɔ be, enye wu na amegbetɔ be, wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔwo ŋu, elabena esia nye eƒe gome. Elabena amekae akplɔe ayi afisi wòakpɔ nusiadzɔ le emegbe la le?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 Eya ta mekpɔe be nu si nyo na amegbetɔ wu lae nye be wòakpɔ dzidzɔ le eƒe dɔwɔwɔ me. Elabena eya tae wòle afi sia ɖo, eye ame aɖeke magate ŋu agbugbɔe va agbe sia me, wòakpɔ dzidzɔ le nu siwo ava va la ŋu o. Eya ta ele be wòakpɔ dzidzɔ le wo ŋu fifia.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 3:22
24 Mawu Ofanana  

Ne bubu le viawo ŋu la, menyanɛ o, eye ne woɖi gbɔ la, medzea sii o.


Bometsila ƒoa nu kpoloe; amegbetɔ menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o, eye ameka agblɔ nusi ava dzɔ le emegbe la nɛ?


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Eye melé fu agbagba, siwo katã medze le ɣea le la, le esi mele wo gblẽ ge ɖi na yonyemedzela ta.


Ɖe menyo na amegbetɔ wu be, wòaɖu nu ana nu, eye eƒe luʋɔ naɖu agbe akpe ɖe eƒe agbagbadzedzewo ŋu oa? Ke esia la, Mawu si me ko wòtsona, abe alesi mekpɔe ene.


Elabena ameka nya nusi nyo na amegbelɔ le agbe me, le eƒe agbe ƒuƒlu, si wònɔ abe vɔvɔli ene la ƒe ŋkekewo katã me? Elabena ameka agblɔ nusi adzɔ le amegbetɔ megbe le ɣea te la nɛ?


Kpɔ dzidzɔ le gbe nyui gbe, eye le dzɔgbevɔ̃egbe la ɖo ŋui be, Mawu ye wɔe abe ekeme ke ene, ne amegbelɔ maganya nusi adzɔ le emegbe o.


Eyata mekafu dzidzɔkpɔkpɔ be: Nu nyuia ɖeke mele ɣea te na amegbetɔ wu esia be, wòaɖu nu ana nu akpɔ dzidzɔ o. Eye esia akplɔe alo eƒe agbe me ŋkeke, siwo Mawu nae le ɣea le la ƒe agbagbadzedzewo me.


Elabena menya nusi gbɔna dzɔdzɔ ge o; eye ameka ate ŋu agblɔ nusi le dzɔdzɔ ge la nɛ?


Amegbetɔ menya eƒe azãgbe o, ke boŋ abe alesi wotsɔa dɔ vɔ̃ɖi ɖea tɔmelãwo, eye wotsɔa mɔ̃ ɖea xewoe la, nenema woɖea amegbetɔviwo abe woawo ene le dzɔgbevɔ̃eɣi, ne eƒo ɖe wo dzi kpoyi.


Woƒe emelɔlɔ kple fuléle kpakple ŋuʋaʋã nu yi gbaɖegbe ke, eye womagakpɔ gome le nusiwo katã dzɔna le ɣea te la me akpɔ o.


Ke wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo, gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.


Eyaŋuti migatsi dzimaɖi le etso si gbɔna la, ƒe nuwo ŋuti o; elabena etso si gbɔna la, adze agbagba le eya ŋuta ƒe nuwo ŋuti. Ŋkeke ƒe vɔ̃ la sɔ gbɔ nɛ.


Ke boŋ mia kple viwòŋutsu kple viwònyɔnu, wò dɔlaŋutsu kple wò dɔlanyɔnu kpakple Lewitɔ, si le wò du me la, miaɖu wo ɖe Yehowa, wò Mawu, ŋku me le teƒe, si Yehowa, wò Mawu atia, eye nakpɔ dzidzɔ le Yehowa, wò Mawu ŋku me le nusiwo nètso wò asi wo dɔ kpɔ la ŋuti.


Eye mia kple miaƒe aƒemetɔwo miaɖu nu akpɔ dzidzɔ le afima le Yehowa ŋku me, le nusiwo katã Yehowa, mia Mawu, yra mi mietsɔ miaƒe asiwò wɔ dɔ kpɔ la ŋuti.


Esi nu do sɔ gbɔ ɖe asiwò, eye mèkɔ mo hesubɔ Yehowa, wò Mawu la faa tso dzi me o la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa