Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 3:17 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Tete megblɔ le nye dzi: me be: Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃diwo, elabena eɖo azã na tameɖoɖowo katã kple nuwɔwɔwo katã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

17 Megblɔ na ɖokuinye be, “Ne azã la su ko la, Mawu ahe nu sia nu si ame aɖe wɔna, nyui kple vɔ̃ siaa ayi ʋɔnue.”

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 3:17
32 Mawu Ofanana  

Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?


le Yehowa ŋku me: elabena egbɔna, egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba; adrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eƒe nyateƒe nu.


le Yehowa ŋku me, elabena egbɔna ʋɔnu drɔ̃ ge anyigba! Aɖrɔ̃ ʋɔnu xexeame ɖe dzɔdzɔenyenye nu kple dukɔwo ɖe eteƒe.


Megblɔ le nye dzi me be: Vavãe, nye asi tu nunya ga geɖewo wu amesiwo katã bɔ Yerusalem nu ɖo ŋgɔ num la, eye nye dzi kpɔ nunya kple gɔmesese fũ.


Ɖekakpui, kpɔ dzidzɔ le wò ɖekakpuime, na wò dzi naɖu agbe le wò ɖekakpui ŋkekewo me, eye nazɔ ɖe wò dzi ƒe toƒewo kple nusi wò ŋku kpɔ la nu; ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le nusiawo katã ta.


Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.


Megblɔ le nye dzi me be: Mãtsɔ dzidzɔ mee akpɔ, eye maɖu agbe! Ke esia hã toflokoe.


Ɣeyiɣi li na nusianu, eye azã li na lameɖoɖowo katã le dzi ƒoa te.


Elabena azãgbe kple ʋɔnudɔdrɔ̃ li na nuwɔwɔ ɖesiaɖe, elabena amegbetɔ ƒe vɔ̃wɔwɔ do agba ɖe edzi.


Le nuwuɣi la dziehefia akpe kplii; anyiehefia atsɔ tasiaɖamwo sɔɖolawo kple ʋu geɖewo aho ɖe eŋu, eye woava aƒo ɖe anyigbawo dzi bibibi.


Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.


Eɖo ŋu bena Daniel, heyi, elabena nya siawo le ɣaɣla, eye wotre wo nu vaseɖe nuwuɣi.


Elabena Amegbetɔvi la le vava ge le Fofoa ƒe ŋutikɔkɔe la me kple eƒe dɔlawo; eye ekema aɖo eteƒe na amesiame le eƒe nuwɔwɔwo nu.


Elabena Fofo la medrɔ̃a ʋɔnu amea ɖeke o, ke boŋ etsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la katã de asi na Via,


Egblɔ na wo bena: Miawo la mele na mi be, mianya ɣeyiɣi alo azãgbe, siwo Fofo la ɖo le ye ŋutɔ ƒe ŋusẽ nu o.


elabena eɖo ŋkeke, si dzi wòle ʋɔnu drɔ̃ ge xexeame godoo le dzɔdzɔenyenye nu to ŋutsua ɖe, si woɖo la dzi; eye wòle xɔse dom ɖe amewo katã, le esi wòfɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ŋuti.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Ke le ɣeyiɣiwo kple azãgbewo ŋuti la, nɔviwo, mehiã mi be, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o;


Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.


Eye wòlé ʋɔ driba, ɖa xoxo, si nye Abosam kple Satana la, eye wòblae ƒe akpe ɖeka.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa