kple agbalẽ matsɔ na fia ƒe ave dzikpɔla Asaf, be wòatsɔ atiwo nam, ne matsɔ akpa mɔ̃ la ƒe agbowo, siwo le gbedoxɔ kple du la ƒe gliwo kpakple aƒe, si me yi ge mala la ŋu. Tete fia la lɔ̃ edzi nam, elabena nye Mawu ƒe asi nyui le dzinye.
Nɔvinyenyɔnu, nye ŋugbetɔ, meva nye abɔ me, meke nye mire kple atike ʋeʋẽewo, menyi nye anyixe kple anyitsi, meno nye wein kple nye notsi. Xɔ̃nyewo, miɖu nu, miano nu, nye lɔlɔ̃tɔwo, mino aha mu!
Eye esi Yuda-fia Zedekiya kple aʋawɔlawo katã kpɔ wo la, wosi dzo le dua me le zã to fia ƒe abɔ me mɔ heto agbo, si le gli ŋukplaba eve dome la nu heɖo ta gbegbe.