Ke esi Absalom le agbe la, eɖo kpea ɖe ɖe fia ƒe bali la me; elabena egblɔ be: Viŋutsua ɖeke mele asinye, ne wòalé nye ŋkɔ ɖe te o. Etsɔ eƒe ŋkɔ na kpe la, eye woyɔnɛ vaseɖe egbe be Absalom ƒe ŋkuɖodzikpe.
Nubabla le mía kpli wò dome, le fofonye kple fofowò dome, kpɔ ɖa, mele nunana, si enye klosalo kple sika la, ɖom ɖe wò. Ne ètu nubabla, si le mia kple Israel-fia Baesa dome la, ekema aho adzo le gbɔnye.
Etu xɔ tsralawo ɖe gbe dzi, eye wòɖe vudo geɖewo, elabena lãho geɖe le esi le bali me kple tagba, eye agbledelawo kple weingbledelawo le esi le towo dzi kple Karmel, elabena elɔ̃a agbledede.
Ke Salomo kplɔ Farao vinyɔnu la tso Dawid ƒe du la me yi xɔ, si wòtu nɛ la me, elabena egblɔ be: Srɔ̃nyea ɖeke manɔ Israel-fia Dawid ƒe me o, elabena kɔkɔeƒe wònye, le esi Yehowa ƒe aɖaka la va afima ta.
Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.