Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 2:23 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

23 Elabena eƒe ŋkekewo katã nye vevesese, eye nuxaxa nye eƒe dɔwɔwɔwo, le zã me gɔ̃ hã eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia hã toflokoe!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

23 Kpɔ ɖa, eƒe ŋkekewo katã nye vevesese ko eye eƒe dɔwɔwɔwo katã nye nuxaxa ko. Le zã me gɔ̃ hã la, eƒe dzi mekpɔa gbɔdzɔe o. Esia gɔ̃ hã nye tofloko ko.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 2:23
20 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ na Adam bena: Esi nèse srɔ̃wo ƒe gbe, eye nèɖu ati, si ŋuti mede se na wò be, megaɖu eƒe ɖekeɖeke o la ƒe ɖe la, eyata woaƒo fi ade anyigba le tawò, àkpe fu hafi akpɔ nu àɖu tso me le wò agbe me ŋkekewo katã me.


Yakob ɖo ŋu na Farao bena: Ƒe, siwo katã metsɔ zɔ mɔe la, wonye ƒe alafa ɖeka kple blaetɔ̃. Nye agbenɔƒewo mesɔ gbɔ o, eye mekpe hiã geɖe le wo me, eye mede tɔgbuinyewo ƒe ƒe, siwo wotsɔ zɔ mɔe la nu o.


Le zã ma me la fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e, eye wògblɔ be, woatsɔ ŋkuɖoɖo nyadzɔdzɔwo dzi ƒe agbalẽ vɛ, eye woxlẽe na fia la


Amegbetɔ nyanu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.


ke boŋ wodzi amegbetɔ ɖe hiãtuame ŋu, abe alesi dzoxi dzena yia dzii ene.


Dzodzroe míefɔa fɔŋli, eye míelalana ʋuu kekeke hafi bɔbɔ nɔa anyi, be miaɖu míaƒe hiãbolo; alea kee wònaa nu eƒe eme vevi la le alɔ̃ mee.


Elabena wò asi sẽ ɖe dzinye keli kple zã, ŋdɔ heliheli na nye ƒuto me mi no. Sela.


Do dzidzɔ na mí ɖe ɣeyiɣi, si nète mí ɖe anyi, kple ƒe, siwo me dzɔgbevɔ̃e ɖi kpe mí la nu!


Meɖo nye ta me anyi, be matsɔ nunya adzro nusiwo kalã dzɔna le dziƒoa te la me akpa, eye makpɔ wo ta ɖa. Agbagbadzedze vɔ̃e wònye Mawu tsa na amegbetɔviwo, ne woatsɔ ana kutri kumi.


Elabena dziku geɖe kpe ɖe nunya geɖe ŋu, eye amesi li kɔ sidzedze la, eli kɔ vevesese.


Ke esi metrɔ kɔ ɖe ɖɔ, siwo katã nye asi wɔ, kple agbagba, siwo medze ɖe wo ŋu ŋutl la, kpɔ ɖa, tofloko kple dagbadagba ɖe ya me wonye, eye viɖea ɖeke mele ɣe la te o.


Vɔ̃ gã, si mekpe le ɣen le la, enye be, kesinɔtɔ le eƒe nuwo ŋu dzɔm hena eya ŋutɔ ƒe dzɔgbevɔ̃e.


Kpɔ ɖa, nusi nyea mekpe be, enye, eye wòdze ani la, enye be, ame naɖu nu ano nu, eye wòaɖu agbe ɖe eƒe agbagba, siwo katã wodze le ɣea te la ŋuti le eƒe agbe me ŋkeke, siwo katã Mawu tso nɛ la me; elabena esia nye eƒe gome.


Esi meɖo nye tame anyi, be madze si nunya, eye makpɔ nuwɔwɔ, siwo dzɔna le anyigba dzi ɖa la, — elabena ŋkeke kple zã amegbetɔ ƒe ŋku mekpɔa alɔ o —


Womli kpe va ɖo do la nu, eye fia la tsɔ eƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe amegãwo ƒe ŋkɔsigɛ tre enu, be nya bubua ɖeke magadzɔ ɖe Daniel dzi o.


hele ŋusẽ ɖom nusrɔ̃lawo ƒe luʋɔwo, eye wole nu xlɔ̃m wo be, woanɔ xɔse la me; eye bena xaxa geɖewo me to ge míala tsã ayi ɖe mawufiaɖuƒe la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa