Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 2:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Elabena ne amea ɖe tsa nunya, gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe ɖɔe la, ele na be, wòagblẽe ɖi na ame bubu, si medze agbagba le eŋu o la, woa zu etɔ. Esia hã tofloko kple vɔ gã wònye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 elabena ame aɖe li si tsɔ nunya kple gɔmesese kple aɖaŋu wɔ eƒe dɔe, ke ele nɛ be wòagblẽ nu siwo wòkpɔ tso dɔwɔwɔ me la ɖi na ame aɖe si mewɔ naneke kura tso dɔ la ŋu o la, woazu etɔ. Esia hã anye tofloko kple nu vɔ̃ɖi aɖe

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 2:21
15 Mawu Ofanana  

Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, eye wòto fofoa Dawid ƒe ʋe me, eye medze ɖe ɖusi alo mia me o.


Womeɖu ŋutitotoŋkekenyuie sia tɔgbe le Israel tso nyagblɔɖila Samuel ŋɔli kpo o, eye Israel-fiawo katã meɖu ŋutitotoŋkekenyuie, abe esi Yosiya kple nunɔlawo kple Lewi-viwo, Yuda blibo la kple Israel, si va, kpakple Yerusalemtɔwo ɖu la ene o.


Vavã, amegbetɔ le yiyim abe vɔvɔli ene, eye ƒuƒu ŋu ko wòle zi dom ɖo; eli kɔ nu gleglegle, ke menya ameka si me wole yiyi ge ɖe o.


be wòanɔ agbe ayi dzi, eye makpɔ yɔdo o.


Kpao, ke boŋ akpɔe be, nunyalawo kuna, bometsilawo kple abunetɔwo nu yina, eye wogblẽa woƒe nuwo ɖi na ame bubuwo.


Tete metrɔ, eye ɖikeke do nye dzi me ɖe agbagba, siwo katã medze le ɣea te la ŋu.


Eye mekpɔ agbagbadzedzewo katã kple aɖaŋudzedzewo katã de dɔwɔwɔ ŋu be, ŋuʋaʋã wonye de amehavi ŋu. Esia hã tofloko kple dagbadagba de ya me wonye.


Amea de eya ɖeka kolia li, eye evelia mekpe de eŋu o, ŋutsuvi alo nɔviŋutsu hã mele esi o, gake eƒe agbagbadzedzewo mewua enu o, eye kesinɔnuwo meɖia ƒo na eƒe ŋkuwo o. Ke ameka la gɔ̃e mehele agbagba dzem, eye mele nu nyui tsrim na ɖokuinye do? Esia hã tofloko kple agbagbadzedze vɔ̃di wònye!


Nunya nyo wu aʋawɔnuwo; ke nuvɔ̃wɔla ɖe ka gblẽa nu nyui geɖe dome.


Ne ele aɖika dom le sedertiwo me la, ɖe nèbuna be, eyae nye fianyenyea? Fofowò hã ɖu nu, eye wono nu, ke edrɔ̃ ʋɔnu ɖe eteƒe, eye wòwɔ nu dzɔdzɔe, eye eme nyo nɛ.


Elabena wò ŋku kple wò dzi le viɖe kple ame maɖifɔ ƒe ʋu kɔkɔɖeanyi kple ŋutasesẽ kpakple fuwɔame ko ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa