Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 12:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 togbɛwo hã dzia ŋɔ na ame, eye ŋɔdzi nɔa mawo dzi; wotsria azi, eye ʋetsuviwo tea texlolo, eye nuɖuɖu medzroa ame o; elabena amegbetɔ yia eƒe aƒe mavɔ me, eye konyifalawo nɔa yiyim le kpɔɖome;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Àvɔ̃ na dzidede kple gege, eye nàzu amegãɖeɖi si anɔ zɔzɔm ɖɔɖɔɖɔ, ame si nyɔnugbɔdɔdɔ magadzro o, ame si atsi tsitre ɖe ku ƒe agbo nu, eye wòagogo eƒe aƒe mavɔ esime konyifalawo nɔa ablɔ dzi zɔm.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 12:5
19 Mawu Ofanana  

Eɖo ŋu bena: Vinye la mayi kple mi o, elabena nɔvia ku, eye eya ɖeka koe susɔ ɖi. Ne dzɔgbevɔ̃ea ɖe adzɔ ɖe edzi le mɔ dzi la, ekema miawoe na nye amegã wɔtamee sia metsɔ konyifafa yi tsiẽƒee.


Ne miekplɔ eya hã le gbɔnye yii, eye dzɔgbevɔ̃ea ɖe adzɔ ɖe edzi la, ekema etso mia gbɔ, ne nye amegã wɔtamee sia matsɔ konyifafa ayi tsiẽƒee.


ekema aku, ne ekpɔ be, ɖevi la megale mía dome o la. Eye wò dɔla aɖi fɔ, ne wò ɖɔla mía fofo wɔtamee la atsɔ konyifafa ayi tsiẽƒee.


Ta ɣi tɔwo kple amegã ɖeɖiwo le míawo hã dome, amesiwo ƒe ŋkeke sɔ gbɔ wu fofowò tɔ.


Ne mele ŋu ɖom ɖe tsiẽƒe ŋu abe nye aƒe ene, eye meɖo nye aba de viviti me,


Elabena menyae be, àkplɔm ade asi na ku, eye mayi xɔ, si me agbãgbeawo katã ƒoa ta kpli do la me.


Eyata, Mawu, megagblẽm ɖi o vaseɖe nye amegãkuku kple nye wɔƒoƒo me, vaseɖe esime meɖe gbe ƒã wò alɔ na dzidzimeviwo kple wò ŋusẽ na megbeviwo katã!


Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.


Ɖekakpuiwo ƒe atsyɔ̃ enye woƒe ŋusẽ, eye ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Ame ma ke manye, vaseɖe esime miaku amegã; matsɔ mi ado agbae ɖe ɖokuinye dzi, eye maɖe mi.


Eye Yehowa ƒe gbe va gbɔnye bena Yeremya, nuka kpɔm nèle? Meɖo ŋu bena: Aɖatsigoti kpɔm mele


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Mitsa ŋu, eye miyɔ nyɔnu yɔƒewɔlawo, ne woava, eye miɖo ame ɖe nyɔnu nyanuwo, ne woava,


Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la, eye navɔ̃ wò Mawu la. Nyee nye Yehowa!


Eye alesi woɖoe na ame be, woaku zi ɖeka, eye esia megbe wòakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa