Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 11:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye asi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Nɔ wò nukuwo ƒaƒã dzi ko, elabena màte ŋu anya esiwo agbe miemie o; ɖewohĩ wo katã amie.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 11:6
15 Mawu Ofanana  

Kekeli nyo, eye ɣe kpɔkpɔ vivia ŋku nu.


Nusiawo katã ŋu metsɔ nye tame ɖo, eye medzro wokɔtã me kpɔ be: Ame dzɔdzɔewo kple nunyalawo kpakple woƒe nuwɔwɔwo le Mawu si me; amegbetɔ medze si lɔlɔ̃ kple fuléle tsã o; wo katã wodo ŋgɔ na wo.


Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ; elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.


Elabena alesi tsidzadza kple sno dzana tso dziƒo, eye megagbugbɔna yina o, ke boŋ wòdea tsi anyigba wònana wòmiea nu heʋãa nu, eye wònaa nuku nuƒãla kple abolo, ne woaɖu la,


Miƒã dzɔdzɔenyenye, eye mixa nu kple lɔlɔ̃; mide agble yeye, elabena azã ɖo be, míadi Yehowa, vaseɖe esime wòava, eye wòana dzɔdzɔenyenye nadza ɖe mía dzi.


Ke esia gblɔm mele bena, amesi ƒã nu le nuveve me la, axa nu hã le nuveve me, eye amesi ƒã nu le yayra me la, axa nu hã le yayra me.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa