Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 11:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Alesi menya ya toƒe kple alesi ƒuwo va wona ɖe dɔ me na funɔ o la, nenema mèdze si Mawu, amesi wɔ nuwo katã la ƒe dɔwɔwɔwo o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Mawu ƒe mɔwo le manyamanya me na mí abe ale si míenya ya ƒe toƒe o kple ale si ame ƒe gbɔgbɔ gena ɖe vidzĩ ƒe lãme le esime vidzĩ la le dadaa ƒe dɔme la o ene.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 11:5
19 Mawu Ofanana  

Ŋusẽkatãtɔ la, amea ɖeke matui o, eƒe ŋusẽ tri akɔ, ke metea se kple dzɔdzɔenyenye blibo ɖe to o.


Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe!


amesi wɔa nu gã, siwo me dzodzro meli o, kple nukunu, siwo mele xexlẽ me o,


Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Ewɔ wo katã le nunya me: anyigba yɔ fũ kple wò nuwɔwɔwo.


Woayra ŋutsu, si tsɔ eƒe ŋuɖoɖo ɖo Yehowa dzi, eye metrɔ eɖokui ɖe ɖadzraɖalawo kple amesiwo ku ɖe aʋatsokaka ŋu la, ŋuti o.


Elabena wò, Yehowa, ètsɔ wò dɔwɔwɔwo do dzidzɔ nam, wò asinudɔwo ta mele aseye tsom ɖo.


Meɖo nye ta me anyi, be matsɔ nunya adzro nusiwo kalã dzɔna le dziƒoa te la me akpa, eye makpɔ wo ta ɖa. Agbagbadzedze vɔ̃e wònye Mawu tsa na amegbetɔviwo, ne woatsɔ ana kutri kumi.


Ya ɖoa ta: dziehe, etrɔna yia anyiehe, eye wògatrɔna vaa afisi wotso.


Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.


Mekpe dɔ, siwo Mawu tsɔ de asi na amegbetɔviwo, ne woatsɔ aku kutrii la ɖa.


Ewɔ nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde: mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ, kple tagbɔ ŋu ne


Nusi li la, adzɔge wòle; ele to me, ẽ, to me wòle; ameka ƒe asi atui?


mekpɔ Mawu ƒe dɔwo katã be, amegbetɔ menya ta le nusiwo le ɣea te la nu o, eye ne amegbetɔ le kutri kum le edim hã, menya ta le enu o, eye ne nunyala be, yedze sii hã la, manya ta le enu akpɔ o.


Menyae, eye mèsee kpɔ be, Mawu mavɔ enye Yehowa, amesi wɔ anyigba ƒe mlɔeanuwo oa? Nu metia kɔ nɛ o, ɖeɖi metea eŋu o, eye eƒe nunya ƒe ta metsɔ o.


Ya la le ƒoƒom, afisi ke wolɔ̃na, eye nèsea eƒe gbe, ke mènya afisi wòtso alo afisi wòyina o: nenema kee nye amesiame, si wodzi tso Gbɔgbɔ la me.


Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo! Aleke eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo me dzodzro tsitotsito meli o, eye eƒe mɔwo mele nyanya me gobi o ale!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa