Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 11:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ne tsi ya alilikpowo la, wobunɛ kɔna ɖe anyigba dzi; ne ati mu le dziehe alo anyiehe la, afisi atia mũ ɖo la, afima wòtsina.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ne tsi sɔ gbɔ ɖe lilikpowo me la, tsi dzana. Ne ati aɖe mu eye wòdze dziehe alo anyiehe gome la, etsia afi si wòdze.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 11:3
9 Mawu Ofanana  

Eye wòva me bena, alilikpo xe dziƒo enumake tsiɖitsiɖi, ya le ƒoƒom, eye tsi gãa ɖe dza. Tete Axab ɖo tasiaɖam heyi Yezreel.


Ma nu ɖe akpa adre, ɖe akpa enyi, elabena menya dzɔgbevɔ̃e ka le anyigba dzi va ge o.


Amesi le to lém ɖe ya ŋu la, maƒã nuku o, eye amesi le ŋku lém ɖe alilikpo ŋu la, maŋe nu o.


Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Eye wògblɔ na agbledela bena: Kpɔ ɖa, ƒe etɔ̃ sɔŋ mele vavam le kutsetse dim le gboti sia dzi, eye nyemekpɔ ɖeke o: lae ƒu anyi, nukaŋuti woxe mo na anyigba la mahã?


Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wosẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa