Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Nusi nɔ anyi va yi la, eya kae gbɔna anyi nɔ ge, eye nusi dzɔ va yi la, eya kae gbɔba dzɔdzɔ ge; ale nu ye yea ɖeke mele ɣea te o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Nu siwo nɔ anyi va yi la, woawo ke koe agatrɔ ava eye nu siwo wowɔ kpɔ la, woawo ke ko woagawɔ. Nu yeye aɖeke mele ɣe la te o.

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 1:9
10 Mawu Ofanana  

Ne nane to, eye amewo be: „Mikpɔ ɖa, nu yeyea ɖe to“ la, edzɔ do ŋgɔ na mi gbaɖegbe ke.


Eye metrɔ, be makpɔ nunya, aɖaʋadzedze kple bometsitsi ɖa, elabena nuka amesi ava dze fia yome la awɔ? Nusi wowɔ xoxo va yi la koe!


Nusi li la, nɔ anyi tsã va yi, eye nusi gbɔna anyi nɔ ge la, nɔ anyi gbaɖegbe ke; eye Mawu gaɖia nusi nu va yi la.


Nusi dza la, woyɔ eƒe ŋkɔ ɖi tsa, eye nusi ame ava zu la, woɖoeɖa ɖi, eye mate ŋu ahe nya kple amesi sẽ wui o.


Megagblɔ be, nukata tsa ŋkekewo nyo wu fifitɔwo hã o, elabena mèle biabiam ɖe nunya me o.


Kpɔ ɖa, mele nu yeye wo ge; ele nu dom ɖa xoxo, miedze sii oa? Mana mo tata naɖo gbe dzi, eye tɔsisiwo nado gbegbe.


Ɣekaɣi nanɔ tsa glãla tsam ase ɖo, wò nyɔnu dzego? Elabena Yehowa le nu yeye wɔ ge le anyigba dzi: Nyɔnu aɖe to ɖe ŋutsu.


Ke aʋatsonyagblɔɖilawo va tsi tre le dukɔ la dome, abe alesi aʋatsonufialawo lava míawo hã mia dome ene, amesiwo latsɔ gbegblẽ ƒe kɔmamãwo ava tra ɖe eme dzaa, eye woagbe nu le Aƒetɔ, si xe fe ɖe wo ta la gbɔ, eye woahe gbegblẽ kpatakpata ava wo ɖokui dzi.


Eye mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o.


Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa