5 Ɣe dzena, eya ɣe ɖoa to, eye wòɖea abla yia enɔƒe, afisi wòdzena tsona.
5 Ɣe hã dzena eye wòɖoa to; eɖea abla yia afi si wòdze tso.
Tso esia dzi, ŋkeke alesi anyigba li la, nuƒaƒã kple nuŋeŋe, viwo kple fifia, dzomeŋɔli kple pepi, ŋkeke kple zã nu matsi o.
Korax-viwo ƒe nufiameha na henɔ la.
vaseɖe esime aŋutrɔ naƒo ɖe eƒe aklã; eye abe xevi, si zɔ ɖe mɔ̃ dzi, eye menyae be, yeƒe ku wonye o la ene.
Ale Yehowa gblɔ esi: Ne miate ŋu atu nye nusi mebia kple ŋkeke kple zã, ale be ŋkeke kple zã maganɔ anyi le wo ŋɔli o la,
Ɣe kple ɣleti tɔ ɖe wo teƒe, bene wò aŋutrɔ, siwo le yiyim la, nanye kekeli, eyewò akplɔ, siwo le dzo kem la, nanye keklẽ.