Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Nyagblɔla 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Megblɔ le nye dzi me be: Vavãe, nye asi tu nunya ga geɖewo wu amesiwo katã bɔ Yerusalem nu ɖo ŋgɔ num la, eye nye dzi kpɔ nunya kple gɔmesese fũ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Megblɔ le nye dzi me be, “Kpɔ ɖa, menya nu wu ame siwo katã ɖu fia le Yerusalem do ŋgɔ nam. Ɛ̃, nuteƒekpɔkpɔ, nunya kple gɔmesese yɔ nye dzi me fũu wu wo.”

Onani mutuwo Koperani




Nyagblɔla 1:16
20 Mawu Ofanana  

Nyemexɔ nyawo dzi se o, vaseɖe esime nye ŋutɔ meva, eye mekpɔe kple ŋku, kpɔ ɖa, womegblɔ woƒe afã gɔ̃ hã nam o; eƒo nya, si wogblɔ le wò nunya kple wò kesinɔnu ŋuti mese la ta.


Eye Mawu na nunya kple nugɔmesese geɖe kpakple sidzedze gã Salomo abe ƒutake ene.


Mawu ƒe ame Elisa ƒe ɖekakpui Gexazi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, nye aƒetɔ gbe nusi Aramtɔ Naeman tso vɛ la, xoxo le esi. Meta Yehowa ƒe agbe: Ne nyemaƒu ɖu adze eyome aɖaxo nane le esi o fi!


Eyata mele Xuram Abi ɖom ɖe wò, amesi nye aɖaŋutɔ, eye nunya le tagba ne;


Ke mínyae be, Yehowa tia mawumeme na eɖokui! Yehowa senɛ, ne meyɔe.


Mele blema ŋkekewo kple gbaɖegbe ƒewo ŋu bum.


Megblɔ le nye dzi me be: Mãtsɔ dzidzɔ mee akpɔ, eye maɖu agbe! Ke esia hã toflokoe.


Tete megblɔ le nye dzi me be: Nya, si adzɔ ɖe bometsila dzi la kee le dzɔdzɔ ge ɖe nye hã dzinye tso, nukata gɔ̃e nyea medze nunya alea gbegbe ɖo? Eye megblɔ le nye dzi me be: Esia hã toflokoe.


Ade meɖo kpo gaɖo kpo ɖe dzi wu amesiwo katã nɔ Yerusalem ɖo ŋgɔ nam; eye nye nunya hã tsi ŋunye.


Tete megblɔ le nye dzi: me be: Mawu le ʋɔnu drɔ̃ ge ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃diwo, elabena eɖo azã na tameɖoɖowo katã kple nuwɔwɔwo katã.


eya amesi gblɔna be: Matu xɔ gãwo kple dziƒoxɔ kekewo, made fesrewo wo nu, maklã sederʋuƒowo ɖe wo me, eve masi aŋɔ dze na wo!


Enumake nya la va me na Nehukadnezar; wonyãe ɖa le amegbetɔwo dome, eɖu gbe abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime eƒe ɖa to abe hɔ̃wo ƒe fu ene, eye eƒe fe to abe xewo tɔ ene.


Ke nuɖuɖu sesẽ li na amesiwo tsi zu blibo to ŋudɔwɔwɔ me kpɔ sidzenu, siwo nu ma wo, be wòabu nyui kple vɔ̃ me kpo la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa