Edo nyagblɔdilawo hã, ne woaɖe gbe ƒã le ŋuwò le Yerusalem be: Fia le Yuda si! Azɔ nya sia le fia la gbɔ de ge. Eyata va, ne míade adaŋu kple mía nɔewo.
Aƒetɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔ le dzinye, elabena Yehowa si ami nam, be mahe du nyui la ayi na amesiwo wole ɖe anyi; eɖom ɖa, be mada gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, maɖe gbe ƒã ablɔɖe na gatɔwo, ne woaɖe ga amesiwo wode gãe;