Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Aƒetɔ, tɔwò dzɔ, ke míawo kple Yuda-ŋutsuwo, Yerusalemtɔwo kple Israel blibo la, amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe le anyigba, siwo katã dzi nenyã wo ɖo ɖo le ʋu, si wotrɔ le yowòme ta la, mía tɔe nye ŋukpe, abe alesi wòle egbe siawo ene.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “Aƒetɔ, ènye dzɔdzɔetɔ, ke egbe la, ŋukpe lé mí, Yudatɔwo kple Yerusalemtɔwo kple Israelviwo katã, kpuiƒetɔwo kple didiƒetɔwo siaa, le dukɔ siwo me nèka mí hlẽ ɖo le míaƒe nuteƒemawɔmawɔ na wò ta.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:7
34 Mawu Ofanana  

Le nusiwo katã va mia dzi le míaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiwo kple miaƒe fɔɖiɖi gã ta la megbe la, elabena to míaƒe dzidadawo gbɔ hã la èkpɔtɔ ame ʋeea ɖewo ɖi na mí…


Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.


Tɔwò dzɔ le nusiwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔe ɖe eteƒe, ke míawo míewɔ nu tovo.


Yehowa, dzɔdzɔetɔ nenye, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe.


Etsɔ mí wɔ hameloe le dukɔwo dome kple ame, ne woɔʋuʋu ta ɖe eŋua le anyigbɔdzitɔwo dome.


Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye natsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le le, lém ɖe asi!


Le tsi nam keŋkeŋ tso nye vodada me, eye naklɔ ŋunye tso nye nuvɔ̃ me!


Eye woava me le ɣemaɣi be, Aƒetɔ la ado eƒe asi ɖa zi evelia, ne wòaxɔ eƒe dukɔ mamlea, si kpɔtɔ ɖi la, aƒle tso Asur, Egipte, Patros, Kus, Elam, Sinear, Xamat kple atsiaƒu me ƒukpowo dzi.


Ŋukpe lé wo katã, eye woƒe mo tsi dã; legbamèlawo katã le yiyim le vlododo me.


Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?


Le eŋɔli woaɖe Yuda, eye Israel ana anyi bɔkɔɔ. Eye ŋkɔ, si woava nɛ la, enye: „Yehowa, míaƒe dzɔdzɔenyenye“.


Matsɔ wo awɔ bibi kple dzɔgbevɔ̃e na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, ahamasinu kple ɖiŋudonu le teƒe, siwo katã manyã wo aɖo ɖo.


Míamlɔ míaƒe ŋukpe me, eye míaƒe vlododo netsyɔ mía dzi; elabena mia kple mía fofowo míewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa, mía Mawu la ŋu tso míaƒe ɖevime vaseɖe egbe, eye míeɖo to Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe o.


le Israel-viwo kple Yuda-viwo, woƒe fiawo kple woƒe amegãwo, woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo ƒe nu vɔ̃ɖi, siwo katã wowɔ, ne woatsɔ ado dzikui nam la ta.


Le ŋkeke mawo me la woaɖe Yuda, eye Yerusalem anɔ anyi bɔkɔɔ, eye ŋkɔ, si woayɔ nɛ la, anye „Yehowa míaƒe dzɔdzɔenyenye.“


Woaƒo xlãe godoo abe agbledzɔviwo ene, le esi wodze aglã ɖe ŋunye la ta, Yehowa ye gblɔe.


Yehowa be: Nyee wole dziku dom na loo? Woawo ŋutɔwo boŋ ƒe moe wole ŋukpe demi.


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Miaɖo ŋu miaƒe zɔzɔme vɔ̃ɖiawo kple miaƒe nuwɔna manyomanyoawo, eye miava ŋu nya ge na mia ŋutɔwo mia ɖokui le miaƒe vodadawo kple miaƒe ŋunyɔnuwo ta.


Eyata fofowo aɖu wo viwo le mewo, eye viwo aɖu wo fofowo; madrɔ̃ ʋɔnu wò, eye makaka wò ame mamleawo katã ahlẽ ɖe yawo nu.


Amesi le didiƒe la, dɔvɔ̃ awui, amesi le kpuiƒe la, atsi yi nu, eye amesi kpɔtɔ ɖi woɖe lã, aku ɖe dɔwuame si me, eye matrɔ nye dziku aƒo ɖe wo dzi.


Mawu ƒe ŋku nɔ te ɖe dzɔgbevɔ̃e la ŋu, eye wòhee va mía dzi, elabena Yehowa, mía Mawu tɔ dzɔ le nusiwo katã wòwɔ la me; ke míawo míegbe toɖoɖo eƒe gbe.


Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.


Aƒetɔ, mía kple míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo kple mía fofowo, mí amesiwo wɔ nuvɔ̃ de ŋuwò la, mía tɔe nye ŋukpe.


Elabena made se, eye woaʋuʋu Israel ƒe aƒe la le dukɔwo katã dome, abe alesi woʋuʋua asɔe, eye blikua ɖeke megena ɖe anyigba o ene.


Ekema kutsetse kae no mia si le ɣemaɣi mahã? Kutsetse, siwo kpea ŋu na mi azɔ; elabena nu kemawo ƒe nuwuwu enye ku.


Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.


Yehowa akaka mi ɖe dukɔwo dome, eye mianɔ ʋee le dukɔ, siwo dome Yehowa nyã mi ɖo la dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa