Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Míegbe toɖoɖo wò dɔla nyagblɔɖilawo, amesiwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, míaƒe amegãwo, mía fofowo kple dukɔ hahoo la katã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Míeɖo to wò dɔla nyagblɔɖilawo, ame siwo ƒo nu le wò ŋkɔ me na míaƒe fiawo, dumegãwo kple mía fofowo kple anyigbadzitɔwo katã o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:6
29 Mawu Ofanana  

Elabena womeɖo to Yehowa, woƒe Mawu ƒe gbe o, eye woda eƒe nubabla kple se, siwo katã Yehowa de na eƒe dɔla Mose la dzi, womeɖo to o, eye womewɔ edzi o.


Eye Yehowa ƒo nu kple Manase kple eƒe dukɔ la, ke womeɖo toe o.


Tso mía fofowo ŋɔli ke míeda vo geɖe vaseɖe egbe, eye le míaƒe fɔɖiɖi ta wotsɔ mía kple míaƒe fiawo kple míaƒe nunɔlawo de asi na anyigba dzi fiawo, na yi kple aboyoɖeɖe, na haha kple ŋukpedodo, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.


Ezi kpi kpɔ wo ƒe geɖe, eye nètsɔ wò gbɔgbɔ xlɔ̃ nu wo to wò nyagblɔɖilawo dzi, gake womeɖo toe o, eyata nètsɔ wo ɖe asi na anyigba dzi dukɔwo.


Eyata, mía Mawu, wò Mawu gã ŋusẽtɔ, si ŋu ŋɔdzi le, wò amesi lé nubabla kple amenuveve me ɖe asi la, fu, siwo katã dzɔ ɖe mía kple míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo, nyagblɔɖila wokple mía fofowo kpakple wò dukɔ blibo la dzi tso Asur-fiawo ŋɔli vaseɖe egbe la, megaɖi nu tsɛ le ŋkuwò me o!


Míaƒe fiawo, amegãwo, nunɔlawo kple mía fofowo mewɔ wò nufiamewo dzi o, eye womelé ŋku ɖe wò sewo kple wò nuxlɔ̃amenya, siwo nètsɔ xlɔ̃ nu wo la ŋu o.


mieɖo to nye dɔla nyagblɔɖilawo ƒe nya, siwo meɖo ɖe mi ɖaa atraɖi la o, eye miegbe wo sese la,


Yehowa be: Elabena womeɖo to nye nya, siwo mede nye dɔla nyagblɔɖilawo si ɖo ɖe wo ɖaa atraɖi, eye wogbe toɖoɖo la o, Yehowa ye gblɔe!


Nya, si negblɔ na mí le Yehowa ƒe ŋkɔ me la, miele to ɖo ge wò o;


Yehowa be: Azɔ esi miewɔ nusiawo katã, eye mele nuƒoƒo kpli mi dzi ɖaa, ke miesee o, meyɔ mi, eye mietɔ o la,


Ke wogbe esese, eye womeƒu to anyi ɖe ŋunye o; wozɔ le adaŋu, si wode le woƒe dzi vɔ̃ɖi ƒe tamesesẽ me la nu, eye wotrɔ megbe ɖem, menye ŋku me o.


míese Yehowa, mía Mawu la ƒe gbe, ne míazɔ de eƒe nufiame, siwo wode asi na mí to eƒe dɔla nyagblɔɖilawo dzi la nu o.


Ke nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke le Aƒelɔ, mía Mawu la si; elabena míese to ɖe eŋu,


Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòfɔ kpe ƒu amesiwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ! Zi nenie meɖi bena, maƒo viwòwo nu ƒu, abe alesi koklonɔ ƒoa viawo nu ƒu ɖe eƒe aʋala te ene, gake mielɔ̃ o!


Elabena amesiwo le Yerusalem kple woƒe dziɖulawo, esi womedze si amesia kple nyagblɔɖilawo ƒe gbe, siwo woxlẽna le Sabat sia Sabat dzi o la, wowu wo nu to woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa