Eye wògblɔ nam bena: Wò Daniel, ame malɔ̃nugbɔa, lé to ɖe nya, si gblɔ ge, mala na wò la ŋu, eye natsi tre: ɖe tewòƒe, elabena azɔ wodɔm ɖe gbɔwò! Eye esi wògblɔ nya sia nam le metsi tre ɖi hele dzodzom nyanyanya.
Eye wògblɔ nam bena: Daniel, megavɔ̃ o, elabena tso gbesigbe nẽdi tso dzi me be, yease nya gɔme, eye nètsi nu ɖɔ le wò Mawu ŋku me la, wose wò nyawo, eye wò nyawo, dzi mezɔ do va.
Nusia wo megbe la mekpɔ, eye kpɔ ɖa, ʋɔtrua ɖe le ʋuʋu le dziƒo, eye gbe gbãtɔ, si mese la, ƒo nu kplim abe kpẽ ƒe gbeɖiɖi ene, gblɔ bena; Va dziƒo afii, eye mafia nusiwo lava ve me le esiawo megbe la wò.