Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 esi megale gbe dom ɖa la, ŋutsu Gabriel, si mekpɔ le ŋutega me tsã la, dzo va gbɔnye le flẽvɔsaɣi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 eye meganɔ gbe dom ɖa ko la, Gabriel, ame si mekpɔ le nye ŋutega si do ŋgɔ me la va do ɖe dzinye kpoyi le fiẽvɔsaɣi.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:21
27 Mawu Ofanana  

Eye esi ɣetrɔ ɖo la, wode asi nugbenugbee wɔwɔ me vaseɖe ɣeyiɣi, si wosaa nuɖuvɔ; ke gbea ɖeke meɖi o, amea ɖeke metɔ o, eye amea ɖeke meɖo to o.


Esime nuɖuvɔsaɣi ɖo la, nyagblɔɖila Eliya te va hegblɔ bena: Yehowa, Abraham kple Isak kpakple Israel ƒe Mawu, egbe nana woanyae be, wòe nye Mawu le Israel, eye menye wò dɔla, eye be mewo nusiawo katã le wò nya nu.


Mikafu Yehowa, mi eƒe dɔlawo, mi kalẽtɔ sesẽ, siwo wɔa eƒe nya dzi hesea eƒe nya ƒe gbe!


Etsɔa ya wɔa eƒe dɔlawoe kple dzo flafla wɔa eƒe subɔlawoe.


Nye gbedodoɖa nenɔ ŋkuwò me abe dzudzɔ ʋeʋẽe ene, eye nye asiwo wuwu dzi nenɔ abe fiẽnuɖuvɔsa ene.


Me alẽvi ɖeka le ŋdi, eye alẽvi evelia le fiẽ.


Serafiwo le eta me, wo dome ɖesiaɖe to aʋala adeade, wotsɔ wo ame eve tsyɔ ŋku me, wotsɔ eve tsyɔ afɔ, eye wotsɔ wo ame eve le dzodzomee.


esia nye woƒe mowo. Woklẽ woƒe aʋala wo ɖo ta dzi me, ɖesiaɖe tsɔ eve ƒo go nɔvia, eye wotsɔ eve tsyɔ ŋuti.


Eye nu gbagbeawo le du dzi tso afi yi afi abe dzikedzo ene.


eye ŋutsu etɔ siawo: Noa, Daniel kple Hiob le edzi la, woaɖe woƒe agbe le woƒe dzɔdzɔenyenye ta, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Kpɔ ɖa, asia ɖe va ka ŋunye, eye wòfɔm ɖe nye klo kple asi dzi.


Eye nɔnɔmea ɖe, si ɖi amegbetɔvi la, ka asi nye nuyi ŋu, tete nye nu nu meƒo nu gblɔ na amesi tsi tre ɖe ŋgɔnye la bena: Nye Aƒetɔ, ŋutega la na dzidzi ƒom, eye ŋusẽ vɔ le ŋunye.


Tete nɔnɔme, si ɖi amegbetɔ la, gaka asi ŋunye, eye wodo ŋusẽm


Eye mese amegbetɔ ƒe gbe le Ulai titina wògblɔ bena: Gabriel, ɖe ŋutega la gɔme na ame sia!


Eye esi wole nu ƒom kplim la, ŋuzi tsɔm metsyɔ mo anyi. Tete wòka asi ŋunye hefɔm ɖe tsitrenu ɖe nɔnyeƒe.


Eye le gaƒoƒo asiekelia dzi Yesu do ɣli kple gbe sesĩe bena: Eli, eli, lama sabaxtani! si gome enye: Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi mahã?


Eye dɔla la ɖo eŋu nɛ bena: Nyee nye Gabriel, si nɔa tsitre ɖe Mawu ŋku me, eye wòdɔm ɖa, be maƒo nu na wò, eye magblɔ nya nyui sia fia wò


Eye le ɣleti adelia me la Mawu dɔ dɔla Gabriel ɖo ɖe Galilea-dua ɖe, si ŋkɔ enye Nazaret la me,


Ekpɔ le ŋutega me kɔte anɔ ŋkeke ƒe ga asieke me bena, mawudɔla ɖe va egbɔ le eme, eye wògblɔ nɛ bena: Kornelio!


Ke esi ŋu ke, esime wole mɔa dzi, eye wolũ dua la, Petro yi gbe do ge ɖa le xɔta, anɔ ga ade me,


Eye kpɔ ɖa, Aƒetɔ ƒe dɔlaa de le tsitre de egbɔ, eye kekeli klẽ ɖe gaxɔa me. Eye wòƒo Petro ƒe axada me henyɔe golɔ bena: Tsi tre kaba! Eye eƒe kɔsɔkɔsɔ ge le eƒe asiwò ŋu.


Eye Petro kple Yohanes woyi ɖe mawuxɔ me le gbedoɖaɣi, si nye gaƒoƒo asiekelia dzi.


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


Eye wògblɔ le mawudɔlawo ŋuti bena: „Etso eƒe dɔlawo wɔ yawo, eye wòtsɔ eƒe subɔlawo wo dzo ƒe aɖewo;“


Eye ale mekpɔ sɔwo kple amesiwo do wo la, le ŋutega me: Wodo akɔtakpoxɔnu, siwo ɖi dzo, kple akɔtakpoxɔnu yibɔwo kpakple akɔtakpoxɔnu dzewo, eye sɔawo ƒe ta le abe dzatawo ƒe ta ene, eye dzo kple dzudzɔ kpakple dzokpe do go tso woƒe nu me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa