Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe gbãtɔ me la nye Daniel melé ŋku ɖe agbalẽwo me ɖe ƒe, siwo ŋu Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila Yeremya ɖo be, woanye ƒe blaadre ayi ɖe Yerusalem ƒe aƒedo ŋu la ƒe xexlẽme ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 nye Daniel, mese egɔme tso Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la me, tso nya si Yehowa tsɔ na Nyagblɔɖila Yeremia me, be Yerusalem ƒe aƒedozuzu anɔ anyi ƒe blaadre.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:2
32 Mawu Ofanana  

bena Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me be: „vaseɖe esime anyigba la nagbɔ ɖe me“. Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã, vaseɖe esime ƒe blaadre nu va yi.


Le Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ me la — ne Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Yeremya nu la, nava me — Yehowa nya Persia-fia Kores ƒe gbɔgbɔ, eye wòna woɖe gbe ƒã le eƒe fiaɖuƒe blibo la me, eye wòna woŋlɔ agbalẽ hã bena;


Wò ɖaseɖiɖiwo nye nye dzidzɔ kple adaŋudelawo nam.


Dzo fiã míaƒe aƒe kɔkɔe nyo, si me mia fofowo kafu wò le, eye míaƒe nu veviwo katã gblẽ.


Xilkiya, amesi tso nunɔlawo dome le Anatot le Benyamin-nyigba dzi la ƒe vi Yeremya ƒe nyawo enye si;


na Yerusalem kple Yuda-duwo, woƒe fiawo kple woƒe amegãwo, ne mawɔ wo woazu aƒedo, bibi, alɔmeɖenu kple ɖiŋudonu, abe alesi wòle egbe sia wo ene;


Mixa, Morasitɔ la, gblɔ, nya ɖi le Yuda-fia Xizkiya ŋɔli, eye wògblɔ na Yuda-dukɔ blibo lã bena: Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu anyiglãgo, eye gbedoxɔ ƒe togbɛ la azu togbɛ toave.


ekema mawɔ aƒe sia abe Silo ene, eye matsɔ du sia awɔ ɖiŋudonu na anyigba dzi dukɔwo katã.


Eye dukɔ geɖewo asubɔ eya kple via kpakple eƒe tɔgbuiyɔvi, vaseɖe esime azã nade na eƒe anyigba, eye wòasubɔ dukɔ geɖewo kple fia gãwo.


Yehowa be: Ne ƒe blaadre de na Babel vo la, ekema maɖo ŋku mia dzi, eye mawɔ nye ŋugbe nyui, si medo na mi be, magakplɔ mi ava teƒe sia la dzi.


Eye mana aseyetsogbe kple dzidzɔgbe, ŋugbetɔsrɔ̃ ƒe gbe kple ŋugbetɔ ƒe gbe nu natso le Yuda-duwo kple Yerusalem ƒe kpɔdomeewo; elabena anyigba la azu gbegbe.


Ao, du, si ame yɔ, tsi akogo! Du ga le dukɔwo dome zu ahosi; duwo ƒe fia zu yakadɔwɔla.


Amegbetɔ ƒe afɔ kple lã ƒe afɔ mato edzi o, eye ame manɔ edzi o ƒe blane.


Tete metrɔ mo de Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe da, eye maƒo koko,


Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo, eye gbedoxɔ ƒe to azu togbɛ toave.


Tete Yehowa ƒe dɔla la xɔ edzi gblɔ bena: Yehowa Zebaot, ɣekaɣi nagbe nublanuikpɔkpɔ na Yerusalem kple Yuda-du, siwo ŋu nẽdo dziku ɖo ƒe blaadre sɔŋ enye si la, ase ɖo?


Gblɔ na dukɔ hahoo la katã kple nunɔlawo bena: Esi mietsi nu ɖɔ, eye miexa nu le dzinu atɔ̃lia kple adrelia me ƒe blaadre sɔŋ nye esi la, nyee mietsi nu dɔ na loo?


Azɔ ne míakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi la, anɔ tsitre le kɔkɔeƒea la (amesi le exlẽm la, nèse egɔme),


Ke gbesigbe miakpɔ aƒedo ƒe ŋunyɔnu, si nyagblɔɖila Daniel gblɔ ɖi la, wòanɔ tsitre ɖe afisi mele nɛ be, wòatsi tre ɖo o la — amesi le exlẽm la, nèse egɔme — ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi;


Eye aƒedzikpɔla la ɖo ŋu na Filipo gblɔ bena: Meɖe kuku na wò, ameka ŋuti nyagblɔɖila la gblɔ esia ɖo, ye ŋutɔ ŋuti loo alo ame bubua ɖe ŋutie mahã?


Nɔ agbalẽxexlẽ kple nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia dzi, halase esime mava.


Woayra amesi le nyagblɔɖi sia ƒe nyawo xlẽm kple amesiwo le wo sem, eye wole nusiwo woŋlɔ ɖe eme la, dzram ɖo; elabena ɣeyiɣi la tu aƒe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa