Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Aƒetɔ, see! Aƒetɔ, tsɔe ke! Aƒetɔ, ɖo ŋku anyi nawɔ nu, eye megahe ɖe megbe o, le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, nye Mawu! Elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du la kple wò dukɔ la ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 O Aƒetɔ, ƒu to anyi! O Aƒetɔ, tsɔe ke dzro! O Aƒetɔ, se nu eye nàwɔ nu! Le wò ŋutɔ ta, O nye Mawu, mègahe ɖe megbe o elabena wò Ŋkɔ le wò du kple wò amewo ŋu.”

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:19
32 Mawu Ofanana  

Eye ɖo to koko, si wò dɔla kple wò dukɔ Israel aƒo le teƒe sia, eye nasee le nowòƒe le dziƒo; ne èsee la, ekema tsɔe ke!


ekema nase woƒe gbedodoɖa kple kokoƒoƒo le nɔwòƒe le dziƒo, eye natso na wo, eye tsɔ nuvɔ̃, si wowɔ ɖe ŋuwò la, ke wò dukɔ la.


amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ do, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewo wo.


Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.


Nukaŋuti nèbe, yeanɔ abe ŋutsu, si ƒo dzi ɖe le kple kalẽtɔ, si mate ŋu axɔ na ame o la ene? Yehowa, èle mía dome, eye woyɔa wò ŋkɔ de mía ŋu, màgagblẽ mí di o!


Elabena keke ɖu, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo ke hã ŋue medze vɔ̃wɔwɔ gɔme ɖo, eye miawo miato le emea? Womagbe tohehe na mi o! Elabena meyɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne megado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Ke megagbugbɔ nye asi ɖe megbe, eye nyemewɔe o le nye ŋkɔ ta, ne magado gui le dukɔwo ŋku me, amesiwo ŋku me mekplɔ wo dzoe le la o.


Ke nyemewɔe o le nye ŋkɔ la, ne magaɖo gui le dukɔ, siwo dome wole la ŋku me o, amesiwo ŋku me meɖe ɖokuinye fia wo le, ne makplɔ wo tso Egipte-nyigba dzi.


Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, menye mia ta mele ewɔm ɖo o, ke boŋ nye ŋkɔ kɔkɔe, si mieɖo gui le dukɔwo dome, afisi míeyi la lae.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Azɔ maɖo Yakob te, makpɔ nublanui na Israel ƒe aƒe blibo la, eye maʋã ŋu ɖe nye ŋkɔ kɔkɔe la nu.


Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.


Eye esi woɖu anyigba dzi gbewo vo keŋkeŋ la, megblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, tsɔe ke dzro! Aleke Yakob ate ŋu anɔ te, esi mele ɖeke me o?


Eyata tsɔ dukɔ sia ƒe vodada ke wo le wò amenuveve gã la nu, abe alesi nẽtsɔe ke dukɔ sia tso Egipte ke vaseɖe afisia ene.


Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israel-viwo ŋu, eye mayra wo.


Mele egblɔm na mi bena: Ne mefa, eye wònae le xɔlɔ̃, si wònye nɛ ta o la, ekema le fu, si ɖem wòle nɛ ta la ato, eye wòanae alesi nu dim wòle.


bena amewo ƒe susɔe kple dukɔ, siwo katã dzi woyɔ nye ŋkɔ do la, nadi Aƒetɔ la yome mɔ, Aƒetɔ la gblɔe, amesi le nusiawo, siwo


bene mianɔ anyi na eƒe ŋutikɔkɔe le kafukafu, mí amesiwo kpɔ mɔ na Kristo gbã la,


bene woakafu eƒe amenuveve ƒe ŋutikɔkɔe, esi wotsɔ ve mia nu le lɔlɔ̃vi la me,


bene azɔ la woato hame dzi ana dziɖulawo kple ŋusẽtɔ, siwo le dziƒonutowo me la nanye Mawu ƒe nunya bubu ƒomevi geɖe la


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa