Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Mía Mawu, ƒu to anyi nase nu, eye nake ŋku akpa alesi míetsi gbegbee, kple du, si ŋu woyɔ wò ŋkɔ ɖo la ɖa; elabena menye míaƒe dzɔdzɔenyenye ta mlehɔhɔ mía ɖokui ɖe anyi le koko ƒom na wò ɖo o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ geɖe la tae.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Ɖo to, O Mawu eye nàse nu; ʋu wò ŋkuwo eye nàkpɔ wò du si ŋu wò Ŋkɔ le la ƒe aƒedozuzu ɖa. Míele nu biam wò le míaƒe dzɔdzɔenyenye ta o, ke boŋ le wò nublanuikpɔkpɔ gã la ta.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:18
24 Mawu Ofanana  

Ne wò ŋkuwo nanɔ te ɖe xɔ sia ŋu zã kple keli, ɖe teƒe, si ŋu nègblɔ le be: nye ŋkɔ anɔ afima la ŋu; eye nase gbe, si wò dɔla ado ɖa le teƒe sia.


Yehowa, ƒu to anyi, ne nase nu! Yehowa, ʋu wò ŋkuwo, ne nakpɔ nu, eye se Sanxerib ƒe nya, siwo wòɖo ɖa, be yeatsɔ ɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋu!


Melɔ̃ Yehowa, elabena eɖo to nye gbe kple nye kokoƒoƒo.


Yehowa, ɖo ŋu wò nublanuikpɔkpɔ kple wò amenuveve, elabena woli tso tititi ke!


Eye Yehowa gblɔ bena: Mekpɔ alesi wole nye dukɔ tem ɖe anyi le Egipte keŋ, eye mese woƒe ɣli, si wodo, be yewoavo atso yewo dzikpɔlawo si me la; ẽ, menya woƒe fukpekpewo.


Yehowa, ƒu to anyi, ne nase nu, Yehowa, ke ŋku, ne nakpɔ nu, eye nase nya, siwo katã Sanxerib ɖo ɖa, be yeatsɔ aɖe alɔme le Mawu gbagbe la ŋui!


amesiwo katã ŋu woyɔ nye ŋkɔ do, amesiwo mewɔ hena nye bubu, memè wo, eye mewo wo.


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Yehowa, ne miaƒe vodadawo le ɖase ɖim le mia ŋu la, ekema wo nu le wò ŋkɔ la ta; elabena miaƒe tosesẽwo do so gbɔ, ŋuwóe míewɔ nuvɔ̃ ɖo.


Nukaŋuti nèbe, yeanɔ abe ŋutsu, si ƒo dzi ɖe le kple kalẽtɔ, si mate ŋu axɔ na ame o la ene? Yehowa, èle mía dome, eye woyɔa wò ŋkɔ de mía ŋu, màgagblẽ mí di o!


Esi wò nyawo ɖo gbɔnye la, memi wo, eye wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wo ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.


Elabena keke ɖu, si ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo ke hã ŋue medze vɔ̃wɔwɔ gɔme ɖo, eye miawo miato le emea? Womagbe tohehe na mi o! Elabena meyɔ yi ɖe anyigbadzitɔwo katã ŋu, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


Amea ɖe menya nu o woatsɔ kokoƒoƒo abɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, eye amesiame atrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, elabena dɔmedzoe kple dziku, si ŋu Yehowa ƒo nu le na dukɔ sia la teƒe mekɔ o.


Azɔ nye aƒetɔ fia nesee, metsɔ kokoƒoƒo baba ɖokuinye ɖe anyi le ŋkuwò me be, megagbugbɔm yi agbalẽŋlɔla Yonatan ƒe xa me, ne maku ɖe afima o.


Eyata gblɔ na Israel ƒe aƒe la bena: Ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Israel ƒe aƒe, menye mia ta mele ewɔm ɖo o, ke boŋ nye ŋkɔ kɔkɔe, si mieɖo gui le dukɔwo dome, afisi míeyi la lae.


Aƒetɔ Yehowa be: Menye mia tae mele ewɔm ɖo o, minyae loo! Israel ƒe aƒe, ŋu nekpe mi, eye miaƒe mo netsi dã le miaƒe zɔzɔme ta!


Aƒetɔ, tɔwò dzɔ, ke míawo kple Yuda-ŋutsuwo, Yerusalemtɔwo kple Israel blibo la, amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe le anyigba, siwo katã dzi nenyã wo ɖo ɖo le ʋu, si wotrɔ le yowòme ta la, mía tɔe nye ŋukpe, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Ale woayɔ nye ŋkɔ atɔ ɖe Israel-viwo ŋu, eye mayra wo.


woŋlɔ ɖo ɖe Mawu ƒe hame, si le Korinto la, amesiwo wowɔ kokoe le Kristo Yesu me, tame kokoe, siwo woyɔ kple amesiwo katã yɔa mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔa dzi le afisiafi le wo gbɔ kple mía gbɔ la:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa