Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Aƒetɔ, wò dɔmedzoe kple wò dziku nedzo ɖa le wò ɖu Yerusalem, wò to kɔkɔe la ŋu le wò dzɔdzɔenyenye blibo la ta; elabena miaƒe nuvɔ̃wo kple mía fofowo ƒe vodadawo ta Yerusalem kple wò dukɔ la zu alɔmeɖenu na amesiwo katã ƒo xlã mí la ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 O Aƒetɔ, le wò nu dzɔdzɔewo katã wɔwɔ me la, na wò dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ naɖe ɖa le Yerusalem, wò du kple wò to kɔkɔe la ŋu. Míaƒe nu vɔ̃wo kple mía fofowo ƒe dzidadawo na Yerusalem kple wò amewo zu fewuɖunu na ame siwo katã ƒo xlã mí.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:16
33 Mawu Ofanana  

Eye esi nèkpɔ be, eƒe dzi ɖi anukware le ŋkuwò me la, èbla nu kplii, be yeatsɔ Kanaanitɔwo, Xititɔwo, Amoritɔwo, Perizitɔwo, Yebusitɔwo kple Girgasitɔwo ƒe anyigba ana eƒe dzidzimeviwo, eye nèwɔ wò nya dzi, elabena dzɔdzɔetɔ nènye.


Dawid ƒe ha. Yehowa, se nye gbedodoɖa, lé to ɖe nye kokoƒoƒo ŋu, eye naɖo tom le wò nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye nu!


Dawid ƒe ha na henɔ la.


Ke èlé nyea ɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ta, eye nètsɔm ɖo ŋkuwò me tegbee.


Tsɔ wò dzɔdzɔenyenye ɖem, eye na mado le eme; ƒu to anyi ɖe ŋunye, eye naxɔ nam!


Míezu ŋukpe na míaƒe aƒelikawo kple alɔmeɖenu kpakple vlododo na amesiwo ƒo xlã mi?


èdzudzɔ wò dzikudodowo katã, eye nèɖe asi le wò dziku heliheli la ŋu.


Aƒetɔ, ɖo ŋu wò dɔla ƒe vlodoame, siwo katã metsɔ ɖe akɔnu tso dukɔ geɖewo gbɔ,


Megade ta agu na wo o, eye megasubɔ wo o, elabena nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye, amesi ɖoa fofowo ƒe vodada teƒe na ɖevi, siwo léa tum la, vaseɖe dzidzime etɔ̃lia kple enelia dzi;


Eyata Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe eƒe dukɔ ŋu, eye wòdo eƒe alo ɖe dzi heƒo wo, ale be towo dzo kpekpekpe, eye woƒe kukuawo tsi kpɔdome abe gbeɖuɖɔ ene. Ke to esiawo katã gbɔ hã la eƒe dɔmedzoe nu mefa o, eye eƒe alɔ gale dzi ko.


Matsɔ wo awɔ bibi kple dzɔgbevɔ̃e na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, woanye alɔmeɖenu, lodonu, ahamasinu kple ɖiŋudonu le teƒe, siwo katã manyã wo aɖo ɖo.


Matso yi, dɔwuame kple dɔvɔ̃ anyã wo ɖe nu; matsɔ wo awɔ ŋɔdzinu na anyigba dzi fiaɖuƒewo katã, eye woazu ɖiŋudonu, bibi, alɔmeɖenu kple vlodonu le dukɔwo katã dome, afisi manyã wo aɖo ɖo.


Elabena du sia do dɔmedzoe kple dziku nam tso gbesigbe wotsoe vaseɖe egbe, ale be mele eɖe ge ɖa le ŋkunye me kokoko,


le Israel-viwo kple Yuda-viwo, woƒe fiawo kple woƒe amegãwo, woƒe nunɔlawo kple woƒe nyagblɔɖilawo, Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalemtɔwo ƒe nu vɔ̃ɖi, siwo katã wowɔ, ne woatsɔ ado dzikui nam la ta.


Eda vo to wò ʋu, si nèkɔ ɖe anyi la me, eye nètso wò legba, siwo newɔ la, gblẽ kɔ ɖo na ɖokuiwò, ehe wò ŋkeke va aƒegbɔe, eye nèɖo wo ƒewo ƒe nuwuwu; eyata matsɔ wò awɔ vlodonu na dukɔwo kple alɔmeɖenu na anyigbawo katã.


Matsɔ wò awɔ gbegbe kple alɔmeɖenu le dukɔ, siwo ƒo xlã wò godoo la dome kple amesiwo katã toa ŋuwò yina la ŋku me.


Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.


Esi megale nuƒoƒo dzi, mele gbe dom ɖa, mele nye nuvɔ̃wo kple nye dukɔ Israel ƒe nuvɔ̃wo me ʋum, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le koko ƒom na Yehowa, nye Mawu la, ɖe nye Mawu ƒe to kɔkɔe la ta,


Ale Yehowa gblɔ esi: Magatrɔ ɖe Zion ŋu, eye manɔ Yerusalem. Woayɔ Yerusalem be, „nyateƒeɖu“, eye Yehowa Zebaot ƒe to la be „to kɔkɔe“.


ne ele ale bena, edzo le Mawu ƒe ŋku me bena, wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo na xaxa mi;


Ne mieʋu miaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene woatso míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mia ŋuti.


Yehowa wɔa ahetɔ kple kesinɔtɔ, eyae ƒua ame anyi, eye wògafɔa ame ɖe dzii.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa