Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Azɔ Aƒetɔ, mía Mawu, wò amesi tsɔ alɔ sesẽ kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wòle egbe siawo ene, míewɔ nuvɔ̃, eye míewɔ nu tovo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 “Azɔ la, O Aƒetɔ, mía Mawu, wò ame si kplɔ wò amewo do goe tso Egipte kple asi sesẽ eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, ŋkɔ si le ŋuwò va ɖo egbe sia, míewɔ nu vɔ̃ eye míeda vo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:15
30 Mawu Ofanana  

elabena wò dukɔ kple wò domenyinu wonye, amesiwo nèkplɔ tso gakpo me le Egipte;


Elabena wowɔ nusi nye vɔ̃ le ŋkunye me, eye wodo dziku nam tso gbesigbe wo fofowo ʋu tso Egipte vaseɖe egbe.


eye woyi ta me le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yi, eye wotrɔ heƒo koko na wò le anyigba, si dzi woɖe aboyo wo yi la dzi, hegblɔ bena: Miewɔ nuvɔ̃, mieda vo, eye miewɔ nu vlo,


Wò ŋutɔ wò dɔlawo wonye kple wò dukɔ, si nède kple wò ŋusẽ ga kpakple wò alɔ sesẽ.


ke wò to, eye naʋu wò ŋkuwo, ne nase wò dɔla ƒe gbe, si, mele dodom ɖa egbe le ŋkuwò me zã kple keli ɖe wò dɔla Israel-viwo ta, eye meʋu Israel-viwo ƒe nuvɔ̃, siwo miewɔ de ŋuwò la me; mía kple fofonye ƒe aƒe hã míewɔ nuvɔ̃.


Ewɔ dzesiwo kple nukunuwo ɖe Farao kple eƒe dɔlawo katã kpakple eƒe anyigba dzi dukɔ blibo la ŋu; elabena enya be, dadam wole ɖe wo ŋu, eye nède ŋkɔ ɖokuiwò ŋu, abe alesi wògale egbe siawo ko ene.


Ke exɔ na wo le eƒe ŋkɔ la ta, ne yeaɖe eƒe ŋusẽ afia.


Eye ne viwòŋutsu ava bia wò bena: esia gɔme ɖe mahã la, ekema gblɔ ne bena: Asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mí tso Egipte, afisi míenye kluviwo le.


Eye wòanye dzesi anɔ wò asi ŋu kple ŋgoblanu anɔ wò ŋgonu, elabena alɔ sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso Egipte.


Tete Mose gblɔ na dukɔ la bena: Miɖo ŋku ŋkeke sia, si dzi mieʋu tso Egipte, afisi míenye kluviwo le la dzi; elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ mi tso afima Eyata migaɖu abolo ʋaʋãa ɖeke o!


Eye wòanye dzesi na wò anɔ wò asi ŋu kple ŋkuɖodzinu anɔ wò ŋgonu, bena Yehowa ƒe se la nanɔ wò nu me, elabena asi sesẽ Yehowa tsɔ kplɔ wò tso Egipte.


Eye Egiptetɔwo adze sii bena, nyee nye Yehowa, ne meɖe nye ŋusẽ fia ɖe Farao kple tasiaɖamwo kpakple sɔdolawo ŋu.


Ke Mose ƒo koko na Yehowa, eƒe Mawu la, gblɔ bena. Yehowa, nukaŋuti wò dɔmedzoe abi ɖe wò dukɔ, si nẽkplɔ tso Egipte-nyigba dzi kple ŋusẽ gã kpakple asi sesẽ la ŋuti mana?


Yehowa gblɔ na Mose bena: Azɔ akpɔ nusi mele Farao wɔ ge. Alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye alɔ sesẽ ana wòanya wo atso eƒe anyigba dzi.


Eyata gblɔ na Israel-viwo bena: Nyee nye Yehowa! Makplɔ mí le dɔ sesẽ, si wɔm miele na Egiptetɔwo la nu, eye mana miavo atso miaƒe kluvidɔ la me, eye mado nye alɔ ɖa atsɔ ŋusẽ gã aɖe mi.


gake megblẽ wò ɖi vaseɖe fifi, bena maɖe nye ŋusẽ afia wò, eye woakafu nye ŋkɔ le anyigba blibo la katã dzi.


Sesewuwo amie ɖe ŋuvewo teƒe, eye gbe ʋeʋẽewo amie ɖe dzawo teƒe, eye wòazu kafukafu na Yehowa kple ŋkuɖodzinu mavɔ, si nu mayi o.


Edo go amesi wòa nu dzɔdzɔe kple dzidzɔ, kpakple amesiwo ɖoa ŋku dziwò le wò mɔwo dzi. Kpɔ ɖa, eɖo dɔmedzoe, eye míezu nuvɔ̃wɔlawo; miele eme eteƒe didi, ɖe woagaɖe mía?


Yehowa, míedze si miaƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo kple mía fofowo ƒe vodadawo be, miewɔ nuvɔ̃ ɖe ŋuwò.


Meŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye metre enu, meɖe ɖasefowo, eye meda ga la le nudanu me.


Míawo míedze aglã, eye míesẽ to, eye wo la mètsɔe ke o.


Wosẽ to ɖe nye sewo ŋu vloe wu dukɔwo, eye ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba, siwo ɖe to ɖe wo godoo; elabena wogbe nye seawo, eye womezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.


Míewɔ nuvɔ̃, míeda ƒu, eye míewɔ nu tovo, miese to, eye míeƒo asa na wò sewo kple wò ɖoɖowo.


Ke ɖevi la gblɔ ne bena: Fofo, mewɔ nuvɔ̃ ɖe dziƒo ŋu kple ŋutiwò, eye nyemegadze be, nayɔm be viwò o.


Ke nudzɔla la tsi tre le adzɔge ke, eye melɔ̃ be, yeawu eƒe mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta gblɔ bena: Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!


amesi ɖe mi tso nenem ku gã sia me, eye wogale mía ɖeɖe dzi, eye míele mɔ kpɔm nɛ bena, agaɖe mí hã.


Ɖo ŋku edzi be, ènye kluvi le Egipte-nyigba dzi kpɔ, eye Yehowa, wò Mawu, tso asi sesẽ kple abɔ, si wodo ɖe dzi, kplɔ wò tso afima; eyata Yehowa, wò Mawu, de se na wò be, nadzra dzudzɔgbe la ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa