Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Mawu ƒe ŋku nɔ te ɖe dzɔgbevɔ̃e la ŋu, eye wòhee va mía dzi, elabena Yehowa, mía Mawu tɔ dzɔ le nusiwo katã wòwɔ la me; ke míawo míegbe toɖoɖo eƒe gbe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Yehowa mehe ɖe megbe le dzɔgbevɔ̃e la hehe va mía dzi me o elabena Yehowa, míaƒe Mawu la dzɔdzɔetɔe wònye le nu sia nu si wòwɔna la me gake míeɖo toe o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:14
16 Mawu Ofanana  

Tete Israel-amegãwo kple fia la wobɔbɔ wo ɖokui gblɔ bena: Yehowa tɔ dzo!


Yehowa, Israel ƒe Mawu, enye dzɔdzɔetɔ, elabena míawoe nye ame susɔeawo, siwo kpɔtɔ ɖi, abe alesi wòle egbe siawo ene. Kpo ɖa, míele míaƒe fɔɖiɖiwo me le ŋkuwò me, elabena míate ŋu anɔ te ɖe nuwò le esia ta o.


Tɔwò dzɔ le nusiwo katã va mía dzi la me, elabena èwɔe ɖe eteƒe, ke míawo míewɔ nu tovo.


Eƒe asinudɔwɔwɔwo nye nyateƒe kple ʋɔnudɔdrɔ̃, eye eƒe sewo katã le eteƒe;


Amenuvela kple dzɔdzɔetɔ enye Yehowa, nublanuikpɔla enye Mawu.


Yehowa, dzɔdzɔetɔ nenye, eye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo le eteƒe.


Gatsɔ wò xɔname do dzidzɔ nam, eye natsɔ gbɔgbɔ, si me lɔlɔ̃nu le le, lém ɖe asi!


Tete Farao do woɖayɔ Mose kple Aron vɛ, eye wògblɔ na wo bena: Meda vo! Yehowa tɔ dzɔ, ke mía kple nye dukɔ la to medzo o.


Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?


Eye alesi menɔ ŋute ɖe wo ŋu, be mala wo, maho wo, magbã wo, magblẽ wo, eye matsrɔ̃ wo la, nenema manɔ ŋudzɔ ɖe wo ŋu, be matso wo, eye made woƒe agunu to, Yehowa ye gblɔe.


Woaƒo xlãe godoo abe agbledzɔviwo ene, le esi wodze aglã ɖe ŋunye la ta, Yehowa ye gblɔe.


Kpɔ ɖa, mele ŋu te ɖe mia ŋu hena vɔ̃wɔwɔ, menye hena nyui o, eye yi kple dɔwuame atsrɔ̃ Yuda-ŋutsu, siwo katã le Egipte-nyigba dzi la, vaseɖe esime wo nu ayi.


Eƒe ketɔwo ƒe alɔ ɖe dzi, eye eme nyo na eƒe futɔwo, elabena Yehowa ye ɖo hiã nɛ le eƒe vodada sɔgbɔawo ta. Viawo dze ketɔwo ŋgɔ yi aboyo me.


Esi meɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi o, ke boŋ nètsɔ nusiawo katã do dziku nam ŋuti la, eyata kpɔ ɖa, mahe wò zɔzɔme ava wò ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe: Ɖe mèhewɔ ŋukpenanu sia kpe ɖe wò ŋunyɔnuwo katã ŋu o ɖe!


Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.


Aƒetɔ, tɔwò dzɔ, ke míawo kple Yuda-ŋutsuwo, Yerusalemtɔwo kple Israel blibo la, amesiwo le kpuiƒe kple didiƒe le anyigba, siwo katã dzi nenyã wo ɖo ɖo le ʋu, si wotrɔ le yowòme ta la, mía tɔe nye ŋukpe, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa