Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 9:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Dzɔgbevɔ̃e siawo katã va mía dzi, abe alesi woŋlɔe ɖe Mose ƒe sea me ene; ke míeƒo koko na Yehowa, mía Mawu la, ne míaɖe asi le míaƒe vodadawo ŋu, eye míalé ŋku ɖe eƒe nyateƒe ŋu o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Abe ale si woŋlɔ ɖe Mose ƒe sewo me ene la, dzɔgbevɔ̃e sia katã dzɔ ɖe mía dzi, míedi Yehowa, mía Mawu la ƒe amenuveve to asiɖeɖe le míaƒe nu vɔ̃wo ŋu kple ŋkuléle ɖe wò nyateƒe la ŋu me o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 9:13
35 Mawu Ofanana  

Yehowa ƒe gbe enye si; Kpɔ ɖa, mane dzɔgbevɔ̃e ava teƒe sia kple eme nɔlawo dzi le agbalẽ sia me nya, siwo katã Yuda-fia xlẽ la nu.


Dɔmedzoe le dzi ta na eme vlowo, eye ne ede ga wo la, womeƒoa koko o,


Klo nu ɖa le nye ŋku dzi, ne makpa nukunuwo le wò se la me!


Na mase wò sededewo ƒe mɔwo gɔme, eye mayi tame le wò nukunuwo ŋu.


Wò asiwo wɔm, eye woɖɔm ɖo; fia nunyam, ne masrɔ̃ wò seawo!


èdzudzɔ wò dzikudodowo katã, eye nèɖe asi le wò dziku heliheli la ŋu.


Baba na amesiwo yi Egipte, be woaxɔ na yewo, woɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe tasiaɖam sɔgbɔwo kple sɔdola geɖewo ŋu; ke womelé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o, eye wo mebia Yehowa ta se o!


Kpɔ ɖa, gbaɖegbe nyawo va me, magblɔ yeyewo, eye mana miasee, hafi woava dzɔ.


Yakob, menye wòe yɔm o, eye Israel, mèdze agbagba le ŋunye o.


Amea ɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe miaƒe vodadawo me.


Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: mía wo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.


Eye Yehowa tsrɔ̃ la kple asike, deʋaya kple keti ɖa tso Israel le ŋkeke ɖeka dzi.


Yakatsyɔ meƒo mia viwo, wodo toku tohehe la. Miaƒe yi ɖu miaƒe nyagblɔɖilawo abe dzata vuvunu ene.


Wò ahiãviwo katã ŋlɔ wò be, eye womebia ta wò se o; elabena metsɔ tohehe, si teƒe mekɔ o la, ƒo wòe abe futɔ ƒe ameƒoƒo ene le wò vodada gbogboawo kple wò nuvɔ̃ geɖeawo ta.


Mese Efrayim le nu xam xoxo be: „Ehe to nam, eye mena nèhe to nam abe nyivi, si womemlã o la ene; gakplɔm gbɔe, ekema matrɔ la me; elabena wòe nye Yehowa, nye Mawu.


Esi miedo dzudzɔ, eye miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, miese Yehowa ƒe gbe o, eye miezɔ ɖe eƒe seawo, ɖoɖoawo kple ɖaseɖiɖiawo nu o la, eyata dzɔgbevɔ̃e sia va mia dzi ɖo, abe alesi wòle egbe siawo ene.


Kpɔ ɖa, mele ŋu te ɖe mia ŋu hena vɔ̃wɔwɔ, menye hena nyui o, eye yi kple dɔwuame atsrɔ̃ Yuda-ŋutsu, siwo katã le Egipte-nyigba dzi la, vaseɖe esime wo nu ayi.


Yehowa, ɖe wò ŋkuwo mele nyateƒe ŋu oa? Eƒo wo, gake meɖe lã me na wo o; ètsrɔ̃ wo ɖa, ke wogbe toɖoɖo tohehe, wosẽ woƒe ŋku me wu agakpe, eye wogbe tametɔtrɔ.


Yehowa, trɔ mí ɖe ŋuwò, ne míatrɔ; wɔ míaƒe ŋkekewo yeye abe tsa ene.


Esi meɖo ŋu wò ɖevimenɔɣi o, ke boŋ nètsɔ nusiawo katã do dziku nam ŋuti la, eyata kpɔ ɖa, mahe wò zɔzɔme ava wò ta dzi, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe: Ɖe mèhewɔ ŋukpenanu sia kpe ɖe wò ŋunyɔnuwo katã ŋu o ɖe!


Israel blibo la da wò nufiamewo dzi, eye wòle de aga hegbe wò gbesese, eyata fiƒode kple atam, siwo woŋlɔ ɖe Mawu ƒe dɔla Mose ƒe sea me la, va mía dzi, elabena míewɔ nuvɔ̃ de eŋu.


Israel ƒe dãda le ɖase dim ɖe mo nɛ kaŋ; ke wometrɔ ɖe Yehowa, woƒe Mawu la ŋu o, eye womedi eyome mɔ le nusiawo katã me o.


Womedo ɣli nam le woƒe dzi me o, ke boŋ wofa avi le woƒe abawo dzi; wova kpe ta le bli kple aha yeye ta, eye wotrɔ nu le yonyeme.


Wo kalã le bibim abe kpo ene, eye woflã woƒe ʋɔnudrɔ̃lawo, woƒe fiawo katã dze anyi, eye wo dometɔa ɖeke meyɔm o.


Tete woʋu woƒe tame, bena wòase ŋɔŋlɔawo gome;


Ne eya amesiwo tà mawunya va ɖo la be mawuwo la, womate ŋu ada ŋɔŋlɔ la dzi o;


Woŋlɔ de nyagblɔlawo me bena: „Eye wo katã woanye amesiwo Mawu fia nu wo.“ Amesiame, si see le Fofoa gbɔ, eye wòsrɔ̃e la, ava gbɔnye.


eye miadze si nyateƒe la, eye nyateƒe la lawɔ mi ablɔɖeviwoe.


nenye ɖe miese eŋkɔ, eye wofia nu mi le eme, alesi nyateƒe la le Yesu me;


Mekplɔ mi to gbedzi ƒe blane sɔŋ; ava mevuvu le mia ŋu o, eye afɔkpa mevuvu le afa na mi o.


Ke ne mia dometɔa ɖe le nunya hiãm la, neɖe kuku na Mawu, si na amewo katã faa, eye medoa ŋukpe ame o la, eye wòatsɔe anɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa