Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 8:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Eƒe asi ana alakpadada nadze edzi nɛ le eƒe ayedzedze ta, aɖo eɖokui ɖe dzi le dzi me, eye wòatsrɔ̃ ame geɖewo le vo me; aɖo eɖo kui ɖe dzi ɖe aƒetɔwo ƒe Aƒetɔ la ŋu, ke woagbãe gudugudu, ame ƒe asi manɔmee.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Ana beble nakpɔ dzidzedze eye wòabu eɖokui gã wu ale si wòle. Ne amewo bu be yewole dedie la, awu wo dometɔ geɖewo eye wòatsi tsitre ɖe fiawo dzi Fia la ŋu. Ke woatsrɔ̃e gake menye to amegbetɔ ƒe ŋusẽ me o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 8:25
21 Mawu Ofanana  

Woku ɖe aɖabaƒoƒo ɖeka me, dukɔwo ƒe mo tsyɔ zi le zãtiƒe, eye wo nu vi: woɖe ŋusẽtɔwo ɖa, ke menye to amegbetɔwo ƒe asi dzi o.


Mina aha Moab, ne wòano amu, be wòadze anyi ɖe eƒe xeɖeɖe me, ne eya hã nazu alɔmeɖenu, elabena Yehowa ŋu wòtɔ asi akɔ ɖo.


Nye dukɔ ƒe nyɔnuvi ƒe vodadawo só gbɔ wu Sodom, si wotrɔ bu anyi le aɖabaƒoƒo ɖeka me, eye amea ɖeke mekpe asi ɖe eŋu o la ƒe nuvɔ̃wo.


Ne aʋakɔawo ho la, eƒe dzi ado eɖokui de dzi, atsrɔ̃ ame akpe nanewo, ke maɖu dzi o.


Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsyaƒu kple to kɔkɔe nyo la ɖome; ke eƒe nuwuwu aɖo, eye amea ɖeke maxɔ nɛ o.


Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi.


Meɖe ŋku ɖe dzoawo, eye kpɔ ɖa, dzo suea ɖe to ɖe wo domee, dzo sia to ŋku abe amegbetɔ ƒe ŋku ene, eye nu, si gblɔa nya gãwo la, li nɛ; eye wotu eƒe dzo gbãtɔwo dometɔ etɔ̃.


Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Azɔ nyae, eye naƒu to anyi: Tso ɣeyiɣi, si woɖe se be, woagatso Yerusalem vaseɖe amegã, si wosi ami na dzi la, le kwasiɖa aɖre; eye woatsɔ kwiasiɖa blaade vɔ eve atso ablɔwo kple kpɔɖomeewo le xaxaɣi.


Eye enumake Aƒetɔ ƒe dɔla ƒoe, le esi metsɔ bubu na Mawu o la ta, eye ŋɔwo ɖui, eye eƒe agbe nu tso.


Migana amea ɖeke nable mi le mɔa ɖeke dzi o; elabena Aƒetɔ la mava o, negbe ɖeko megbedede tso Mawu gbɔ lava gbã, eye woaɖe nuvɔ̃me, si nye gbegblẽvi la, ɖe go,


eye tete woaɖe sedzimawɔla ɖe go, amesi Aƒetɔ Yesu lawu kple eƒe nu me gbɔgbɔ, eye wòatsrɔ̃e to eƒe vava ƒe ɖeɖefia la me.


Amesiawo awɔ aʋa kple Alẽvi la, eye Alẽvi la laɖu wo dzi; elabena aƒetɔwo dzi aƒetɔ kple fiawo dzi fia wònye, eye amesiwo li kplii la, wonye ame yɔyɔwo kple ame tiatiawo kpakple nuteƒewɔlawo.


Eye ŋkɔŋɔŋlɔ le eƒe awu kple eƒe aligo dzi bena: Fiawo dzi Fia kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa