Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 8:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Ŋusẽ anɔ eŋu, ke menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o, agblẽ nu eteƒe makɔ o, eye eƒe nuwɔwɔ adze edzi nɛ, eye wòatsrɔ ame geɖewo kple ame kɔkɔewo ƒe dukɔ la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Azu ame sesẽ aɖe ŋutɔ gake menye to eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ me o. Agblẽ nuwo nyamanyama eye wòakpɔ dzidzedze le nu sia nu si wòawɔ la me. Atsrɔ̃ ŋutsuwo kple ame kɔkɔewo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 8:24
15 Mawu Ofanana  

Mekpɔ ame vɔ̃ɖia ɖe le ɖadzra ɖam, eye wòvu eɖokui ɖranyi abe ati dodo, si vu ke la ene.


Ne woɖu dzo kplii hã la, awɔ nu ɖe alakpa me, eye wòaho atsɔ ame ʋeea ɖewo aɖu dzii,


Tete mese amesi le aklalawu me tsi tre ɖe tɔsisia ƒe dzigbe gome la, kɔ ɖusi kple mia dzi hetà amesi le agbe tegbee la bena: Le ɣeyiɣi ɖeka, ɣeyiɣi eve kple ɣeyiɣi afã megbe, ne dukɔ kɔkɔe la ƒe akpa ɖeka kaka vɔ la, ekema nusiwo katã ava me.


Agblɔ nya tovowo ɖe dziƒoʋĩtɔ la ŋu, eye wòatsrɔ̃ dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔewo; aɖo ɖe ta me be, yeatrɔ ɣeyiɣiwo kple sewo, eye woatsɔ wo aɖe asi nɛ ɣeyiɣi ɖeka kple ɣeyiɣi eve kpakple ɣeyiɣi afã.


Edo eɖokui ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu nuwo ŋuti, eye wòdudu dziƒo ŋu nua ɖewo kple dzinuviwo ƒo ɖe anyi henyã avuzi lewo dzi.


Edo eɖokui de dzi de aʋakɔwo ƒe amegã hã ŋu, eye wòxɔ gbesiagbe vɔsa le esi hegbã eƒe nɔƒe kɔkɔe la.


Wòtsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ho aʋa ɖe gbesiagbe vɔsa ŋu; elé nyateƒe ƒu anyi, eye eƒe nuwɔwɔ dze edzi nɛ.


Ne woƒe dziɖuɖu wu nu, eye nu vlo wɔwɔwo nu flɔ la, fia vlo, si dze aɖaŋu la, ado.


elabena wòtrɔ ame kɔkɔewo kple nyagblɔɖilawo ƒe nu kɔ ɖe anyi, eye nètsɔ ʋu na wo, bena woano, eye wòdze wo nenema.


Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.


Eye mekpɔ nyɔnu la mu ame kɔkɔewo ƒe ʋu kple Yesu ƒe ɖaseɖilawo ƒe ʋu. Eye esime mekpɔe la, nye mo wɔ yaa geɖe ŋutɔ.


elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ nye nyateƒetɔ kple dzɔdzɔetɔ; elabena edrɔ̃ ʋɔnu gbolo gã, si tsɔ eƒe gbolowɔwɔ gblẽ anyigba dzi la, eye wòbia eƒe dɔlawo ƒe ʋu ƒe hlɔ̃ le esi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa