Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 8:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Eye wògblɔ nam be: Kpɔ ɖa, maɖe nusi le dzɔdzɔ ge, ne dɔmedzoe wu enu la, afia wò; elabena nuwuɣi ŋu wòle ɖo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Egblɔ nam be, “Kpɔ ɖa, mele nu si ava dzɔ emegbe le dɔmedzoe ƒe ɣeyiɣi me la gblɔ ge na wò elabena ŋutega la ku ɖe nuwuwu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖo la ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 8:19
15 Mawu Ofanana  

Ke wò Yehowa la, èli tegbee, eye wò ŋkɔ le dzidzimewo katã me.


Fia eveawo aɖo ta me ɖe gbegblẽ ŋu, eye woagblɔ alakpanya le kplɔ̃ ɖeka ŋu, ke madze edzi na wo o, elabena ɣeyiɣi woɖo na nuwuwu la.


Ke wò Daniel, dzra nya siawo ɖo, eye natre agbalẽ la bu vaseɖe nuwuɣi; ame geɖewo adzro eme, eye sidzedze adzi ɖe edzi.


Ne woƒe dziɖuɖu wu nu, eye nu vlo wɔwɔwo nu flɔ la, fia vlo, si dze aɖaŋu la, ado.


Elabena azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.


Ke baba na amesiwo fu le wo ƒo kple amesiwo le notsi nam le ŋkeke mawo me; elabena hiãkame gã lava anyigba la dzi kple dɔmedzoe na dukɔ sia.


Yesu Kristo ƒe nyaɖeɖefia, si Mawu tsɔ nɛ, be wòafia nusiwo lava ve me kaba la, eƒe dɔlawo la, enye esi; eye wòto eƒe mawudɔla, si wòdɔ ɖa la, dzi heɖe wo me fia eƒe dɔla Yohanes,


ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime woaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu le nyanyuie, si wogblɔ fia eƒe dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo la nu.


Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.


Eye mekpɔ dzesi bubu le lu dziƒo, si lolo, eye wòwɔ nuku; mawudɔla adre lé fuwɔame mamletɔ adreawo de asi; elabena woawo me wowu Mawu ƒe dɔmedzoe la nu le.


Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me, bene woawɔ eƒe tameɖoɖo dzi, eye woawɔ tameɖoɖo ɖeka dzi, eye woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã la, halase esime woawu Mawu ƒe nyawo nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa