Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 7:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 “Le esia hã megbe la, megakpɔ lã enelia le nye ŋutega la me le zã me wònɔ nye ŋkume; ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ nɔ eŋu eye wòsẽ ŋu ŋutɔ. Gaɖu titriwo nɔ nu me nɛ. Evuvua lã, ɖunɛ eye wòtua afɔ esi susɔ la dzi. Eto vovo tso lã kemɛawo gbɔ eye wòto dzo ewo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 7:7
17 Mawu Ofanana  

Metu wo abe anyigba ʋuʋudedi ene, eye metu afɔ wodzi hefanya wo abe kpɔdomeeba ene.


Ŋusẽ le eƒe kɔ me, eye ŋɔdzi le ɣe ɖum le eŋgɔ.


Ekɔm le Mawu ƒe ŋutega me va dro ɖe to kɔkɔ booa ɖe dzi le Israel-nyigba dzi, eye wòle abe dua ɖee wotso ɖe edzi le dziehe gome ene.


Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã. Eye Daniel kafu dziƒo Mawu la.


Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe.


Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu.


Edo eɖokui ɖe dzi ɖe dziƒo ŋu nuwo ŋuti, eye wòdudu dziƒo ŋu nua ɖewo kple dzinuviwo ƒo ɖe anyi henyã avuzi lewo dzi.


Eye esi dzo ene to ɖe ŋeŋea teƒe la, egɔme enye; Fiaɖuƒe ene atso dukɔ la me, ke womasesẽ aɖe eya nu o.


Tete mefɔ ko dzi heɖo ŋku anyi, eye mekpɔ lãdzo ene,


Eye wokpɔ dzesi bubua ɖe le dziƒo, eye kpɔ ɖa, ʋɔ driba dzi gãa ɖe, si ta adre kple dzo ewo li na, eye fiakuku adre le eƒe tawo.


Eye metsi tre ɖe ƒutake la dzi, eye mekpɔ lãa ɖe le ɖoɖom tso atsiaƒu me, eye dzo ewo kple ta adre li nɛ, eye fiakuku ewo le eƒe dzoawo dzi, eye busuŋkɔwo le eƒe tawo ŋu.


Eye dzo ewo, si nekpɔ la, woawoe nye fia ewo, siwo mexɔ fiaɖuƒe haɖe o; gake woawo kple lã la woaxɔ ŋusẽ abe fiawo ene gaƒoƒo ɖeka.


Eye mawudɔla la gblɔ nam bena: Nukaŋuti wò mo wɔ yaa ɖo mahã? Magblɔ nyɔnu la kple lã, si le etsɔm, eye ta adre kple dzo ewo li nɛ la, ŋu nya ɣaɣla afia wò.


Lã, si nekpɔ la, enɔ anyi, eye megali o, eye wòle dodo ge atso aʋli me, eye wòayi ɖe gbegblẽ me. Eye ne anyigbadzinɔla, siwo ƒe ŋkɔwo womeŋlɔ ɖe agbegbalẽa me tso xexeame ƒe gɔmeɖoɖoanyi me o la, akpɔ lã la ɖa, alesi wònɔ anyi, eye megali o, eye wòagava la, woƒe mo awɔ yaa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa