Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 7:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Daniel xlẽe fia gblɔ bena: Mekpɔ le nye ŋutega me le zã me be, dziƒo ƒe ya eneawo lɔ atsiaƒu gã la ɖe nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Daniel gblɔ be, “Le nye ŋutega me la, mekpɔ be dziƒo ƒe ya eneawo nɔ nye ŋkume eye wonɔ atsiaƒu gã la nyamam.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 7:2
13 Mawu Ofanana  

Alele, dukɔ geɖewo ƒe gbeɖeɖe, wole gbe ɖem abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene! Dukɔwo ƒe ho wɔwɔ, wole ho wɔm abe tsi sesẽwo ƒe howɔwɔ ene!


Makplɔ ya eneawo tso dziƒo ƒe go eneawo dzi ava ƒo ɖe Elam dzi, maka wo ahlẽ ɖe ya siawo katã me, eye dukɔa ɖeke manɔ anyi, si dome Elam ƒe amewo makaka ɖo o.


Atsiaƒu ƒo ɖe Babel dzi, eye eƒe tsotsoewo ƒe nyanyrã nyẽ tsyɔ edzi.


Ne enya do ko la, woagbã eƒe fiaɖuƒe la, eye woamãe ɖe dziƒo ƒe ya eneawo dzi, menye na eƒe dzidzimeviwo o, eye menye ɖe ŋusẽ, si wòtsɔ ɖu dzii la nu o; ke hoŋ woagbã eƒe fiaɖuƒe la atsɔ na ame bubuwo, eye menye na woawo o.


Tete woɖe nya ɣaɣla la fia Daniel le ŋutega me le zã. Eye Daniel kafu dziƒo Mawu la.


Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe.


Emegbe mekpɔ lã enelia le ŋutega me le zã, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ le eŋu, eye wòsesẽ ŋutɔ, eto gaɖu kakowo, eɖu nu gbã nu, eye wòtanya mamlea kple afɔ, eto vovo tso lã, siwo katã do ŋgɔ nɛ la gbɔ, eye wòto dzo ewo.


Menɔ ŋutega la me yi Susan-mɔ̃, si le Elam-nyigba dzi la me, eye wòwɔ nam le ŋutega me abe Ulai-tɔsisi la to mele ene.


Gbɔ̃tsu la kpɔ ŋusẽ eteƒe mekɔ o; eye esi ŋusẽ ɖo eŋu la, dzo gã la ŋe, eye dzo kako ene to de eteƒe ɖo ta dziƒo ƒe ya eneawo dzi.


Mawudɔla la ɖo ŋu gblɔ nam bena: Woawoe nye dziƒo ƒe ya eneawo, siwo tso, esime wotsi tre ɖe anyigba blibo la ƒe Aƒetɔ ŋku me megbe.


Eye wòado eƒe dolawo kple kpẽ ƒe ɖiɖi gãa ɖe, eye woaƒo eƒe ame tiatiawo nu ƒu tso ya eneawo dzi, tso dziƒogo ɖeka dzi vaseɖe go keme dzi.


Eye wògblɔ nam bena: Tsi, siwo nèkpɔ, siwo dzi gbolo la bɔbɔ nɔ la, wonye dukɔwo kple amehawo kple xexemedukɔwo kpakple gbegbɔgblɔwo.


Nusiawo megbe la mekpɔ mawudɔla ene wole tsitre ɖe anyigba ƒe dzogoe eneawo dzi, eye wolé anyigba ƒe yaƒoƒo eneawo me ɖe asi, bena ya nagaƒo ɖe anyigba dzi alo ɖe ƒu dzi alo de atia ɖeke dzi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa