Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 7:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Dzotɔsisi tso egbɔ gbagba ɖi bababa; ame akpe teƒe akpe le esubɔm, eye eme akpe ewo teƒe akpe ewo tsi tre ɖe egbɔ; woɖi ʋɔnu, eye woke agbalẽwo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Dzotɔsisi aɖe nɔ sisim le eŋgɔ. Ame akpe akpewo nɔ esubɔm, ame akpe ewo teƒe akpe ewo nɔ tsitre ɖe eŋgɔ. Ʋɔnu la ɖi anyi eye woke agbalẽawo.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 7:10
26 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre ƒo xlãe le eƒe ɖusi kple mia me.


Eye wògblɔ nɛ be: Azɔ se Yehowa ƒe gbe: Mekpɔ Yehowa wòbɔbɔ no eƒe fiazikpui dzi, eye dziƒoʋakɔ blibo la le tsitre le eƒe ɖusi kple mia me.


Ameka ate ŋu axlẽ eƒe aʋakɔwo, eye ameka tame eƒe kekeli mele oa?


Mikafu Yehowa, mi eƒe aʋakɔwo katã, mi eƒe subɔla, siwo wɔa nusi dzea eŋu!


Tete anyigba ʋanya, eye wòʋuna, towo ƒe anyinɔwo ʋuʋu, eye wodzo kpekpekpe, elabena dzi kui.


Mía Mawu gbɔna, ɖoɖoe mazi le eŋu o, dzo le nu bim le eŋgɔ, eye ahom sesẽ ɖe to ɖee.


Mi to tame tsutsuẽwo, nukaŋuti miele to, si Mawu di be, yeatsɔ awɔ ye nɔƒee la, kpɔm ɖe ƒomevii? E, Yehowa anɔ afima tegbee!


Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe ŋkɔ tso adzɔge gbɔna, eƒe dɔmedzoe le bibim, eye wòde dzi kɔtɔɔ; eƒe nuyiwo dzi yɔ fũ kple dziku, eƒe aɖe le abe dzo binu ene;


Elabena wodzra dzotɔƒe ɖo ɖi xoxo, fiawo hãe wodzrae ɖo ɖi na, eye wògoglo hekeke; dzo kple nake li kpaŋkpaŋ hekpe ɖe eƒe nakekɔwo ŋu; Yehowa ƒe gbagba enye aŋɔtoʋu, si ato dzoe.


Le ɣemaɣi la amegãwo ƒe tatɔ Mixael, amesi le mia deviwo nu la, ado; xaxaɣi, si meva kpɔ tso esime dukɔwo li vaseɖe ɣemaɣi o la, anɔ anyi; woaɖe wò dukɔ ɣemaɣi, amesiame, si woŋlɔ ɖe agbalẽa me.


Mlɔeba la amegã ɖeɖi la va, eye wòtso afia na dziƒoʋĩtɔ la ƒe ame kɔkɔeawo, eye azã ɖe be, ame kɔkɔeawo naxɔ fiaɖuƒe la.


Eye woaɖi ʋɔnu axɔ dziɖuɖu la le esi, eye woagblẽe ahatsrɔ̃e gbiɖigbiɖi.


Eye miasi ayi nye to la ƒe bali me, elabena to la ƒe balime aɖe Azal ke; miasi, abe alesi miesi le anyigbaʋuʋu nu le Yuda-fia Uriya ŋɔli ene; Yehowa, nye Mawu la, ava eye ame kɔkɔeawo katã akpe ɖeeŋu!


Ke ne Amegbetɔvi la ava le eƒe ŋutikɔkɔe me, eye dɔlawo katã akpe ɖe eŋuti la, ekema abebe no eƒe ŋutikɔkɔezikpui la dzi;


Eye wògblɔ bena: Yehowa tso Sinai va, edze na wo tso Seir, eye wòdo tso Paran-to la gbɔ. Ame kɔkɔe akpe nanewo kpe ɖe eŋu, eye dzo le eƒe nuɖusi na wo.


Alo wo katã la, ɖe menye subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta o mahã?


Ke Zion-to la kple Mawu gbagbe ƒe du, si nye dziƒo Yerusalem kple mawudɔla akpeakpewo ƒe takpekpe


Ke Henox hã, amesi nye adrelia tso Adam dzi la, gblɔ nya ɖi ɖe ame mawo ŋuti bena: „Kpɔ ɖa, Aƒetɔ la kple eƒe ame kɔkɔe akpe nanewo gbɔna,


Eye dzi ku dukɔwo, eye wò dziku va, eye ame kukuwo ƒe ɣeyiɣi la ɖo, bene woadrɔ̃ ʋɔnu wo, eye be nana fetu wò dɔla, siwo nye nyagblɔɖilawo, kple ame kɔkɔewo kple amesiwo vɔ̃a wò ŋkɔ la, ɖeviwo kple ame tsitsiwo, eye be natsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.


Eye mekpɔ, eye mese mawudɔla geɖe, siwo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kple amegã xoxoawo ƒe gbeɖiɖi, eye woƒe xexlẽme nu anɔ akpe ewo teƒe akpe ewo kple akpeakpewo,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa