Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Eye ŋutsuawo gblɔ bena: Míele nyaa ɖeke kpɔ ge le Daniel sia ŋu o, negbe ɖe eƒe mawusubɔsubɔ ŋu ko.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ale amegãwo kple dziɖulawo ƒo ƒu yi fia la gbɔ eye wogblɔ nɛ be, “O Fia Darius, nɔ agbe tegbee!

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:6
13 Mawu Ofanana  

eye meɖo ŋu na fia la bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Nukaŋuti nyemaɖo adã o, esi du, si nye fofonyewo, ɖiƒe la, zu aƒedo, eye dzo fiã eƒe agbowo la?


Wole nya trɔm nam gbesiagbe; eye woƒe susuwo katã nye be, woawo vɔ̃ ɖe ŋunye.


Eya koe nye nye aga, nye xɔname kple nye mɔ̃ sesẽ, eyata nyemaʋã akpe o.


Tete Kaldeatɔwo ƒo nu kple fia la ɖe Aram-gbe me bena; Fia la nenɔ agbe tegbee! Li ɖrɔ̃e la na wo dɔlawo, ekema míaɖe egɔme na wò.


Eye woxɔ edzi gblɔ na fia Nebukadnezar bena: Fia nenɔ agbe tegbee!


Eye fia dada yi aglotuƒe la le fia la kple eƒe amegãwo ƒe nya la ta. Tete fia dada xɔ edzi gblɔ bena: Fia nenɔ agbe tegbee! Wò tamesusuwo megaɖo ŋɔdzi na wò o, eye wò mo megafu tititi o!


Esi Daniel se be, wode ŋkɔ nuŋɔŋlɔa te la, eyi eƒe me le dziƒoxɔ, si ƒe fesrewo nu ɖo ta Yerusalem la me, eye wòdze klo do gbe ɖa na eƒe Mawu hekafui gbe ɖeka zi etɔ̃, abe alesi wòwɔna tsã ene.


Esi wova doa gbɔ la, edo avisimegbee yɔ Daniel; fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Daniel, wò Mawu gbagbe la subɔla, ɖe wò Mawu, si nesubɔna atraɖi la, te ŋu ɖe wò tso dzatawo si mea?


Eye esi woyɔe ve la, Tertulo de asi enutsotso me bena:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa