Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:27 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Nyee de se be, Daniel ƒe Mawu nadzi ŋɔ, eye woavɔ̃e le nye dziɖuɖu ƒe fiaɖuƒe blibo la me, elabena Mawu gbagbe wònye, eye wòli tegbee, eƒe fiaɖuƒe nu meyina o, eye eƒe dziɖuɖu li vaseɖe nuwuwu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

27 Eɖea ame eye wòxɔna na ame. Le dziƒowo kple anyigba dzi siaa. Eɖe Daniel tso dzatawo ƒe asi me.”

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:27
23 Mawu Ofanana  

Ke etsɔa hiã ɖea hiãtɔwoe, eye wòtsɔa xaxa nua to na woe.


Wò fiaɖuƒe enye fiaɖuƒe mavɔ, eye wò fiaɖuɖu anɔ dzidzimewo katã me.


Mawu, amesi bia hlɔ̃ nam, eye wo nya dukɔwo de tenye;


Eyata Yehowa, makafu wò le dukɔwo dome, eye madzi ha na wò ŋkɔ.


Bebeƒe nenye nam; èkpɔ tanye le xaxa me, eye nètsɔ ɖeɖe ƒe aseyetsotso ƒo xlãm. Sela.


Aƒetɔ, ɣekaɣi nanɔ ekpɔm kple ŋku ava se ɖo? Ɖe nye luʋɔ tso woƒe gbegblẽ me, kple nye tenu la tso dzatavi si me!


Mi amesiwo lɔ̃a Yehowa la, milè fu vɔ̃! Ekpɔa eƒe mawumemewo ƒe luʋɔ ta, eye wòɖea wo tsoa ame vɔ̃ɖiwo si me.


Ke Yehowa enye Mawu vava; eyae nye Mawu gbagbe kple fia mavɔ; anyigba ʋuʋu le eƒe dɔmedzoe nu, eye eƒe dziku menya le tsɔtsɔm na dukɔwo o.


Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒea ɖe anyi, si matsrɔ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubua ɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.


Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.


Eyata nye Nehukadnezar makafu dziƒo fia la, made bubu eŋu, eye mada akpe nɛ; elabena eƒe nuwɔwɔwo katã le eteƒe, eƒe mɔwo dza, eye wòbɔbɔa dadalawo ɖe anyi.


Eye fia la fɔ ŋdi kanya, esime agu dze, eye wòɖe abla yi dzatawo ƒe do la gbɔ.


Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Ne menye dzesiwo kple nukunuwo miekpɔ o la, miexɔnɛ sena o.


le esi me be, nado wò asi ɖa hena dɔyɔyɔ, eye bena dzesiwo kple nukunuwo nava me to wò dɔla kɔkɔe Yesu ƒe ŋkɔ dzi.


eye Mawu ŋuta hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽnu bubu ƒomevi geɖewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe nana le ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu la, ɖi ɖase hekpe ɖe wo ŋuti.


Tete Dawid bia ŋutsu, siwo le tsitre ɖe egbɔ bena: Nuka woawɔ na amesi awu Filistitɔ ma, eye wòaɖe ŋukpe ɖa le Israel ŋu la? Elabena ameka nye Filistitɔ bolotɔ sia, be wòanɔ alɔme ɖem le Mawu gbagbe la ƒe aʋalɔgoawo ŋu?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa