Daniel 6:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 191325 Eye fia la ɖe se be, woatsɔ ŋutsu, siwo tso Daniel nu, wo viwo kple wo srɔ̃wo aƒu gbe ɖe dzatawo ƒe do la me; ke womekpɔ ɖo do la gɔme hafi dzatawo tso wo xɔ, eye wogbã woƒe ƒuwo katã o. Onani mutuwoAgbenya La25 Tete Fia Darius ŋlɔ agbalẽ na eƒe amewo katã, dukɔwo kple ame siwo tso gbegbɔgblɔwo katã me le anyigba la dzi la be, “Eme nenyo na mi ŋutɔŋutɔ!” Onani mutuwo |
Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo le dzinu gbãtɔ ƒe ŋkeke wutetɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ, abe alesi Haman de see ene, ɖe anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ kple dukɔ sia dukɔ ƒe gbegbɔgblɔ nu heɖo ɖe fia ƒe amegãwo kple anyigba dzikpɔla, siwo le anyigba sia anyigba nu kpakple dukɔ sia dukɔ ƒe tatɔwo; woŋlɔe le fia Axasweros ƒe ŋkɔ me, eye wotsɔ fia ƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ ete.
Tete woyɔ fia ƒe agbalẽŋlɔlawo ɣemaɣi le dzinu etɔ̃lia, si nye dzinu Siwan la ƒe ŋkeke blave vɔ etɔ̃lia dzi, eye woŋlɔ agbalẽ la, abe alesi Mardoxai de se pɛpɛpɛ ene, le anyigba sia anyigba ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe dukɔ sia dukɔ: ƒe gbegbɔgblɔ, me, le Yudatɔwo ƒe nuŋɔŋlɔ nu, ɖe woƒe gbegbɔgblɔ me, ɖo ɖe Yudatɔwo kple amegãwo, anyigba dzikpɔlawo kple anyigbawo ƒe tatɔwo tso India vaseɖe Kus, wole anyigba alafa ɖeka kple blave vɔ adre