Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye Dario kpɔ be, enye, ne yeaɖo amegã alafa ɖeka kple blave fiaɖuƒe la nu, amesiwo anɔ fiaɖuƒe blibo la me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 eye wòtsɔ amegã etɔ̃ ɖo wo nu. Ame siawo dometɔ ɖekae nye Daniel. Dziɖulawo ana akɔnta amegãwo ale be fia la mabu naneke o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:2
14 Mawu Ofanana  

Eyata mikpɔ nyuie, ne miagawɔ ƒome le nusia me, be gbegblẽ la nadzi de dzi, eye wòazu hlã na fiawo o.


Elabena wotsɔ mía kple nye dukɔ dzra, be woatsrɔ̃ mí, woawu mí, eye woagblẽ mía dome. Ɖe wònye ɖe wotsɔ mí dzra míenye kluviwo kple kosiviwo la, anye ne mezi kpi, elabena anye ne ketɔ la mana gbegblẽ nava fia dzi o.


Amesi dea du asi na bometsila la, lãa eya ŋutɔ ƒe afɔ, eye wògblẽa eɖokui ɖome.


Agbenɔnɔ didie le eƒe ɖusi me, eye kesinɔnu kple bubu le eƒe mia me.


Mese le ŋuwò be, èɖea nu gɔme, eye nèdea nya manyatanuwo gɔme. Ne ete bu xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye nède egɔme nam la, àta aɖabɛ, àdo sika kɔsɔkɔsɔ ɖe kɔ, eye ànye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Tete Belsazar de se be, woata aɖahɛ na Daniel, woatsɔ sika kɔsɔkɔsɔ ade kɔ nɛ, eye woado kpo le eŋgɔ be, eyae nye dziɖula etɔ̃lia le fiaɖuƒe la me.


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Mediatɔ Dario xɔ fiaɖuƒe la, esime wòtsi xɔ ƒe blaade vɔ eve.


Eyaŋuti wotso dziƒofiaɖuƒe la ɖo fiãa ɖe, si le didim be, yeabu akɔnta kple eƒe dɔlawo la ŋu.


Eye wòyɔe gblɔ nɛ bena: Aleke wɔ, eye mese esia le ŋuwò mahã? Bu akɔnta le wò xɔnuvinyenye la ŋuti, elabena megale ŋu te ge anye xɔnuvi gbeɖe o.


Ke nusi gakpe ɖe eŋuti la, enye bena, wodina tsoa xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewolawoe.


Eyata Yehowa, Israel ƒe Mawu la, ƒe gbe nye si: Megblɔ tsã be, mana mia kple fofowò ƒe aƒe nanɔ ŋkunye me tegbee; ke azɔ la ale Yehowa gblɔ esi: Nede megbe xaa tso gbɔnye, elabena amesi buam la, mabui, eye amesi doa vlom la, mado vloe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa