Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 6:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Womli kpe va ɖo do la nu, eye fia la tsɔ eƒe ŋkɔsigɛ kple eƒe amegãwo ƒe ŋkɔsigɛ tre enu, be nya bubua ɖeke magadzɔ ɖe Daniel dzi o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Tete fia la trɔ yi eƒe fiasã me. Meɖu nu fiẽ ma o eye womewɔ dzidzɔdonamenu aɖeke hã nɛ o. Mete ŋu dɔ alɔ̃ o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 6:18
16 Mawu Ofanana  

Eye fia la gblɔ na Simei bena: Mèle kuku ge o! Eye fia la ka atam nɛ.


Esi Axab se nya siawo la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya, etsi nu dɔ, eye wòtsi akpanya me dɔ, eye wòle yiyim kpokpokpo.


Le zã ma me la fia la tsi zãdomadɔlɔ̃e, eye wògblɔ be, woatsɔ ŋkuɖoɖo nyadzɔdzɔwo dzi ƒe agbalẽ vɛ, eye woxlẽe na fia la


Wonɔa ha dzim ɖe gakogoe kple gakasaŋku ŋu, eye wonɔa dzidzɔ kpɔm ɖe dze ƒe ɖiɖi ŋu.


Amuti, siwo le afima la, ŋu míeku míaƒe kasaŋkuwo ɖo.


Mele ŋu ɖom Mawu hele hũ ɖem; mele ŋugble dem, eye nu ti kɔ na nye gbɔgbɔ. Sela.


Meƒo klosalo kple sika, fiawo kple anyigbawo ƒe kesinɔnuwo nu ƒu; medo ŋutsu hadzilawo kple nyɔnu hadzilawo ne ɖokuinye; mese amegbetɔviwo ƒe vivisese, eye nyɔnu hɔ ɖe asinye kpaŋ.


Wotigi nye agbe ɖe do me, eye wofɔ kpe ɖo dzinye.


Nyemeɖu nu vivia ɖeke o, la kple wein mede nu me nam o, eye nyemesi ami hã o, vaseɖe esime kwasiɖa etɔ̃awo ɖe.


Le Nehukadnezar ƒe fiaɖudu ƒe ƒe evelia me la Nehukadnezar ku drɔ̃e, eye wòdzo haha, ale be alɔ̃ bu ɖee.


Emegbe fia la yi eƒe fiasã me, eye wotsi nu dɔ, womekplɔ nyɔnu vɛ nɛ o, eye wòtsi zãdomadɔlɔ̃e.


eye womegale saŋkuƒolawo kple hadzilawo kple dzekulawo kple kpẽkulawo ƒe gbe se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o; eye womegale aɖaŋuwɔla bubu ƒomevia ɖeke kpɔ ge le mewò o, eye womegale tetutu se ge le mewò gbeɖegbeɖe akpɔ o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa