Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 5:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Enumake kasia amegbetɔ ƒe asibiɖe va ŋlɔ nu ɖe fiasã la ƒe gli, si wosi akalo na la ŋu le akaɖitia ŋgɔdze. Eye esi fia la kpɔ asi, si ŋlɔ nua la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Tete amegbetɔ ƒe asibidɛ dze eye wòŋlɔ nu ɖe gli si ŋu wosi akalo ɖo la eye wòte ɖe akaɖiti si le fiasã la me ŋu. Fia la lé ŋku ɖe asibidɛ la ŋu esi wònɔ nua ŋlɔm.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 5:5
15 Mawu Ofanana  

Ame vlowo ƒe aseyetsotso nu mesena yina o, eye ame vɔ̃ɖi ƒe dzidzɔ nɔa anyi aɖabaƒoƒo ɖeka koa?


Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ la me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o. Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse.


Esi Babel-fia se nya le wo ŋu la, eƒe asiwò ɖo agblɔ, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wose veve abe nyɔnu léku ene.


Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.


Nye mo gakɔ le ɣemaɣi, eye nye fiaɖuƒe ƒe bubu, nye ŋutikɔkɔe kple nye atsyɔ̃ gasu asinye; nye adaŋuɖelawo kple nye amegãwo di yonyeme mɔ, wogatsɔm ɖo nye fiaɖuƒe la nu, eye nye gãnyenye sɔ gbɔ ɖe dzi.


Azɔ wokplɔ nunyalawo kple bokɔnɔwo vɛ nam, be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye woaɖe egɔme nam, ke womete ŋu de nu sia gɔme nam o.


Wono wein, eye wokafu mawu, siwo nye sika, klosalo, akɔbli, gayibɔ, ati kple kpe.


fia la ƒe mo fu tititi, eye eƒe tamesusuwo ɖo ŋɔdzi nɛ, eƒe ali me ka tso, eye eƒe klowo le wo nɔewo ƒom kpakpakpa.


Enumake fia ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la, ne woahayi egɔme ɖe ge na fia la o.


esi wòtutu ŋɔŋlɔ, si wotsɔ asi ŋlɔe ɖe mía ŋuti le sededewo me, si tsi tre ɖe mía ŋuti la, eye woɖee ɖa le mía kple Mawu dome, esime woklãe ɖe atitsoga ŋuti la,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa