25 Nusi wòŋlɔ la enye si: Mene, mene, tekel, ufarsin.
25 “Nu si wòŋlɔ lae nye, Mene, mene, tekel parsin
Tete nyagblɔɖila Eliya ɖo agbalẽ ɖee bena: Ale Yehowa, fofowò Dawid ƒe Mawu la, gblɔ esi: Esi meto fofowo Yosafat ƒe ʋe me o,
Wò atsyɔ̃ kple wò saŋkuwo ƒe ɖiɖi yi tsieƒe, wotsɔ nyẽwo ɖo aba na wò, eye ŋɔwo tsyɔ dziwò.
Eyata dzɔgbevɔ̃e adzɔ ɖe dziwò, eye màte ŋu asa gbe adoe o; gbegblẽ ava dziwò, màte ŋu atsi enu o, eye tsɔtsrɔ̃ aƒo ɖe dziwò kpoyi, hafi nava nyae.
Eye dukɔ geɖewo asubɔ eya kple via kpakple eƒe tɔgbuiyɔvi, vaseɖe esime azã nade na eƒe anyigba, eye wòasubɔ dukɔ geɖewo kple fia gãwo.
Eyata wòdɔ asi sia ɖa, wova ŋlɔ nusia ɖo.
Nye la gɔme enye si: Mene: Mawu xlẽ wò fiaɖuƒe, eye wòɖo nuwuwu na wò.
Ɖe wò fetɔwo matso kpoyi, amesiwo axaxa wò ɖo la, nanyɔ, eye woahe wò oa?
Ewɔ nu sesẽ kple eƒe abɔ; ekaka amesiwo ɖo wo ɖokui ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la me.
Ke Mawu gblɔ ne bena: Ame tsibome, zã sia me ke woabia wò agbe le asiwò me; ke nusiwo nèdzra ɖo la, ameka tɔ woazu mahã?
Yehowa atsɔ Israel hã ade asi na Filistitɔwo akpe ɖe ŋuwò, eye etsɔ la mía kple viwòŋutsuwo miava gbɔnye, Yehowa atsɔ Israel ƒe aʋakɔ la hã ade asi na Filistitɔwo.