Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 5:22 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

22 Ke wò, via Belsazar, mèbɔbɔ wò dzi ɖe anyi o, evɔ wònye ènya nusiawo katã hafi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

22 “Ke wò fia, O Belsazar, mèbɔbɔ ɖokuiwo o togbɔ be ènya fofowò ƒe ŋutinyawo katã hafi.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 5:22
17 Mawu Ofanana  

Ke mebɔbɔ eɖokui ɖe anyi le Yehowa ŋku me, abe alesi fofoa Manase va bɔbɔ eɖokui ene o; ke boŋ Amon sia na vodada la sɔ gbɔ ɖe edzi.


Ewo nusi nye vɔ̃ le Yehowa, eƒe Mawu la ŋku me, eye mebɔbɔ eɖokui na nyagblɔɖila Yeremya, amesi do Yehowa ƒe numegbe la o.


Maƒo nu le wò ɖaseɖiɖi la ŋu le fiawo ŋku me, eye ŋu makpem o.


Tete Mose kple Aron woyi Farao gbɔ, eye wogblɔ nɛ bena: Ale Yehowa, Hebritɔwo ƒe Mawu la, gblɔ esi. Zi nenie gɔ̃ nagbe be, yemabɔbɔ ɖokuiwò nam oa? Ɖe asi le nye dukɔ la ŋuti, bena wòaɖasubɔm!


Matu xexeame ƒe vɔ̃ɖiwɔwɔ kple ame vɔ̃ɖiwo ƒe vodada ŋu fe na wo, mana dadalawo ƒe dada nu natso, eye mate ŋutasẽlawo ƒe adegbeƒoƒo ɖe to.


Egblɔ le wò dzi me be: Malia dziƒo, mali nye fiazikpui ɖe Mawu ƒe ɣletiviwo ta me, eye mabɔbɔ nɔ takpeto la dzi le anyiehe kekeake;


Ne wòve ame vɔ̃ɖi nu la, mesrɔ̃a dzɔdzɔenyenye o, ke boŋ ewɔa nu vɔ̃ɖi le anyigba dzɔdzɔe dzi, eye meléa ŋku ɖe Yehowa ƒe gãnyenye ŋu o.


Fia, Mawu dziƒoʋĩtɔ tsa fiaɖuƒe, gãnyenye, bubu kple ŋutikɔkɔe na fofowò Nebukadnezar.


Elabena Yohanes gblɔ nɛ bena: Womeɖe mɔ na wò be, naɖee o.


Elabena Yohanes va mia gbɔ le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi, eye miexɔ eyama dzi se o; ke nudzɔlawo kple ahasiwɔlawo xɔ edzi se; gake miawo la, esi miekpɔe la, mietrɔ miaƒe tame emegbe bena, miaxɔ edzi ase o.


Eye dɔla ma, si nya eƒe aƒetɔ ƒe lɔlɔ̃nu, eye medzrae do alo wɔ eƒe lɔlɔ̃nu o la, woaƒoe geɖe;


Ne mienyã nusiawo, eye miewɔ wo la, Woayra mi.


Eyaŋuti la, amesi ke nya nu nyui wɔwɔ, eye mewɔnɛ o la, enye nuvɔ̃ nɛ.


Ke ena amenuveve geɖe wu. Eyaŋuti wogblɔ bena: „Mawu tsia tre ɖe dadalawo ŋuti; ke evea ɖokuibɔbɔlawo nu.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa