Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 5:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Mese le ŋuwò be, mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò, eye sidzedze, gɔmesese kple nunya triakɔ le asiwò wokpɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Mese be mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò eye be gɔmesese, sidzedze kple nunya deto le mewò.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 5:14
8 Mawu Ofanana  

Eye Farao gblɔ na Yosef bena: Meku drɔ̃e, eye amea ɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o. Ke mese le ŋuwò bena, ne ese drɔ̃e ko la, eɖea egɔme.


Tete Farao gblɔ na eŋuti meawo bena: Ɖe míate ŋu akpɔ amea ɖe, si me Mawu ƒe gbɔgbɔ la le abe eya ene mahã?


eɖea nusi me goglo, kple nu ɣaɣla fiana, enya nusi le viviti me, elabena kekeli le egbɔ.


Ati la lolo, eye wòsesẽ, ekɔ ɖatɔ dziŋgɔli ke, eye wòvu vaseɖe anyigba blibo la ƒe mlɔenu.


Tete wokplɔ Daniel vɛ na fia la. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel bena: Wòe nye Daniel tso Yuda ƒe aboyovi, siwo fofonye fia kplɔ tso Yuda vɛ la domea?


Azɔ wokplɔ nunyalawo kple bokɔnɔwo vɛ nam, be woaxlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye woaɖe egɔme nam, ke womete ŋu de nu sia gɔme nam o.


Eɖo tatɔ etɔ̃ wo nu, amesiwo dome Daniel le; woawoe amegãwo nabu akɔnta na, ne fia la magaŋe ɖe eme o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa