Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 5:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ame aɖe le wò fiaɖuƒe la me, ame si me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la, wokpɔe be sidzedze, gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo tɔwo ene. Fia Nebukadnezar, fofowò, fia la tsɔe ɖo bokɔwo, akunyawɔlawo, ɣletivimenunyalawo kple dzosalawo nu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 5:11
19 Mawu Ofanana  

Tete Farao gblɔ na eŋuti meawo bena: Ɖe míate ŋu akpɔ amea ɖe, si me Mawu ƒe gbɔgbɔ la le abe eya ene mahã?


Eye wò dɔlanyɔnu bu be: Nye aƒetɔ fia la ƒe nya ana ɖoɖoe nazi: elabena nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe dɔla ene, amesi wòase nyuia kple vɔ̃a; eye Yehowa, wò Mawu, anɔ kpli wò.


kpɔ ɖa, ènya nu wu Daniel, nya ɣaɣlaa ɖeke mele vivi me ɖe wò o;


wò nunya kple wò gɔmesese netsɔ kpɔ kesinɔnui, eye nède sika kple klosalo wò nudzraɖoƒewo;


ŋutsuvi, siwo nu mewɔ afiaa ɖeke na o, eye wodze ɖeka, adaŋu le mo na wo, wodze si nu, nunya le tagbɔ na wo, eye wozã la, he woasuhɔ le fiasã me, eye woafia Kaldeatɔwo le nuŋɔŋlɔ kple gbe wo.


Nusi dim fia le la sesẽ, eye amea ɖeke meli ale ŋu aɖe egɔme na fia la o, negbe mawuwo ko, amesiwo ƒe nɔƒe mele kodzogbeawo dome o.


eɖea nusi me goglo, kple nu ɣaɣla fiana, enya nusi le viviti me, elabena kekeli le egbɔ.


eƒe aŋgbawo nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wònye nuɖudu na nuwo katã, gbemelãwo nɔ ete, eye dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me la,


Mlɔeba la Daniel, amesi lsɔ nye mawu Beltsazar ŋkɔ, eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme la, va gbɔnye, eye meli drɔ̃e le nɛ be:


Wò Beltsazar, dzotɔwo ƒe tatɔ, wò amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le menye, eye nya ɣaɣlaa ɖeke mele vivi me de wo o, gblɔ nye ŋutega, si mekpɔ le drɔ̃e me la, eye naɖe egɔme.


Mese le ŋuwò be, mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò, eye sidzedze, gɔmesese kple nunya triakɔ le asiwò wokpɔ.


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Tete takpelawo do ɣli bena: Mawu ƒe gbee, eye menye ame tɔe o.


Eye esi amehawo kpɔ nusi Paulo wɔ la, wokɔ woƒe gbe dzi le Likaonia-gbe me bena: Mawuwo tsɔ amewo ƒe nɔnɔme ɖi va mia gbɔ.


Eye wòva me bena, esime mieyina gbedoɖaƒe la, nyɔnudɔlaa ɖe, si me afakakagbɔgbɔ le la, kpe mí, amesi nana eƒe aƒetɔwo kpɔa viɖe geɖe to nukaka me la.


Kpɔ ɖa, maɖe Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔa ɖewo, amesiwo gblɔna bena, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ aʋatso wokana la; kpɔ ɖa, mawɔ wo be, woava ade ta agu ɖe wò afɔ nu, eye woadze sii be, nye la melɔ̃ wò.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa