Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ati la lolo, eye wòsesẽ, ekɔ ɖatɔ dziŋgɔli ke, eye wòvu vaseɖe anyigba blibo la ƒe mlɔenu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Mlɔeba la, Daniel do ɖe nye ŋkume eye melĩ drɔ̃e la nɛ. Wotsɔ nye mawu ƒe ŋkɔ nɛ be, Beltesazar eye mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le eme.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:8
14 Mawu Ofanana  

Tete Farao gblɔ na eŋuti meawo bena: Ɖe míate ŋu akpɔ amea ɖe, si me Mawu ƒe gbɔgbɔ la le abe eya ene mahã?


Bel mũ, eye Nebo do dɔgɔe; wotsɔ miaƒe legba, siwo mieléna ɖe ta la, de asi na agbatsɔlãwo, wotsɔ wo do agbae ɖe lã, si ŋu ɖeɖi te la dzi.


Tete eƒe dukɔ la ɖo ŋku Mose dzi le blema ŋkekewo me be: Afika amesi kplɔ wo tso atsiaƒu hekpe ɖe eƒe lãha ƒe kplɔla ŋu la le? Afika amesi na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe nɔ wo dome la le?


Mido kpo le dukɔwo dome, miɖe gbe ƒã, eye mido aflaga ɖe dzi! Miɖe gbe ƒã, migaɣlae o! Migblɔ be: Woxɔ Babel, ŋukpe lé Bel, eye wogbã Merodax ƒu anyi! Ŋukpe lé woƒe legbawo, eye wogbã woƒe mawuwo!


Israel ƒe to kɔkɔ dzi madoe ɖo, adze alɔ, atse ku, eye woazu sederti nyuia ɖe, eye xevi ƒomevi vovovowo katã anɔ ete, eƒe alɔwo ƒe vɔvɔli te woanɔ.


Eye aƒedzikpɔlawo ƒe amegã tsɔ ŋkɔ na wo; Daniel tɔe nye Beltsazar, Xananya tɔe nye Sadrax, Misael tɔe nye Mesax, eye Azarya tɔe nye Aded-Nego.


Nusi dim fia le la sesẽ, eye amea ɖeke meli ale ŋu aɖe egɔme na fia la o, negbe mawuwo ko, amesiwo ƒe nɔƒe mele kodzogbeawo dome o.


Fia la xɔ edzi gblɔ na Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar le, bena; Ate ŋu alĩ drɔ̃e, si meku la, eye naɖe egɔme nam vavãa?


Tete Nebukadnezar xɔ edzi gblɔ na wo bena: Saɖrax, Mesax kple Abeɖ-Nego, yavãe miegbe be, yewomasubɔ nye mawu, eye míado gbe ɖa na sikalegba, si meli anyi la oa?


eƒe aŋgbawo nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wònye nuɖudu na nuwo katã, gbemelãwo nɔ ete, eye dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me la,


Eƒe aŋgbawe nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wonye nuɖuɖu ne nuwo katã; gbemelãwo nɔ eƒe vɔvɔli te, dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me, eye wonye ŋutilãwo katã.


Mese le ŋuwò be, mawuwo ƒe gbɔgbɔ le mewò, eye sidzedze, gɔmesese kple nunya triakɔ le asiwò wokpɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa