Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ŋutega, si mekpɔ le nye aba dzi, enye si: Mede ŋku anyi, eye kpɔ da, atia de le anyigba titina, si kɔ ŋutɔ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Esime akunyawɔlawo, dzosalawo, ɣletivimenunyalawo kple bokɔwo va la, melĩ drɔ̃e la na wo, ke womete ŋu ɖe egɔme nam o.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:7
16 Mawu Ofanana  

Eye liŋɔ, siwo lé bu la, mi esiwo do ku la. Esia meli na afakalawo, ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme nam o.


Le ŋdi la Farao mekpɔ gbɔdzɔea ɖeke o, eye wòdo woyi ɖayɔ Egipte-fakalawo kple nunyalawo va ƒo ƒu, eye Farao li drɔ̃eawo na wo; ke wo dometɔa ɖeke mete ŋu ɖe egɔme na Farao o.


Mekpɔ ame vɔ̃ɖia ɖe le ɖadzra ɖam, eye wòvu eɖokui ɖranyi abe ati dodo, si vu ke la ene.


Eya, amesi gblẽa nu kpoloe ƒolawo ƒe dzesi me, eye wòdoa bometsila afakalawo; eya, amesi nana nunyalawo gbugbɔna, eye wòdoa lã woƒe nunya;


Sederti nɔ Libanon ta me, eƒe alɔwo nyo, eye wòdo kpekpekpe, ekɔ, eye eƒe ɖɔmee ɖatɔ alilikpowo.


ŋutsuvi, siwo nu mewɔ afiaa ɖeke na o, eye wodze ɖeka, adaŋu le mo na wo, wodze si nu, nunya le tagbɔ na wo, eye wozã la, he woasuhɔ le fiasã me, eye woafia Kaldeatɔwo le nuŋɔŋlɔ kple gbe wo.


Kaldeatɔwo ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Amegbetɔa ɖeke mele anyigba dzi, si ate ŋu aɖe nusi fia di la gɔme o; eye fia gã sẽŋua ɖeke meli, si bia nusiawo tɔgbe tso dzotɔwo, bokɔnɔwo kple Kaldeatɔwo si me kpɔ o.


Daniel do ŋn na fia la gblɔ bena; Nya ɣaɣla, si dim fia le la, nunyalawo, hokɔnɔwo, dzotɔwo kple dzinuvi me nyalawo mate ŋu aɖe egɔme na fia la o.


Woɖo ŋu zi evelia gblɔ bena: Fia la neli ɖrɔ̃e la na eƒe ɖɔlawo, ekema míaɖe egɔme.


Enumake Kaldea-ŋutsuwo va tso Yudatɔwo nu.


eƒe aŋgbawo nyo, eƒe tsetsewo sɔ gbɔ, eye wònye nuɖudu na nuwo katã, gbemelãwo nɔ ete, eye dziƒoxewo wɔ atɔ ɖe eƒe alɔwo me la,


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Enumake fia ƒe nunyalawo katã va, ke womete ŋu xlẽ nuŋɔŋlɔ la, ne woahayi egɔme ɖe ge na fia la o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa