Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Wò Beltsazar, dzotɔwo ƒe tatɔ, wò amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le menye, eye nya ɣaɣlaa ɖeke mele vivi me de wo o, gblɔ nye ŋutega, si mekpɔ le drɔ̃e me la, eye naɖe egɔme.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ale meɖe gbe be woakplɔ nunyala siwo katã le Babilonia la vɛ be woaɖe drɔ̃e la gɔme nam.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:6
10 Mawu Ofanana  

Ke Farao hã yɔ nunyalawo kple afakalawo vɛ, eye Egiptetɔwo ƒe akunyawɔlawo tsɔ woƒe aye me nuwɔwɔwo wɔe nenemake.


Ne wogblɔ na mi be, mibia nu ŋɔliyɔlawo kple afakalawo se, amesiwo nɔa ŋɔti me gbee dom, eye wonɔa gbe tem la, ɖe dukɔ mabia nu eƒe Mawu ase oa? De woabia nu kukuawo na agbagbeawoa?


Eye Mawu na nunya kple gɔmesese ŋutsuvi ene siawo le nuŋɔŋlɔ vovovowo kple nunya gome; ke Daniel ya nya ŋutegawo katã kple drɔ̃ewo gɔme.


Tete fia la de se be, woayɔ dzotɔwo kple bokɔnɔwo, gbesalawo kple Kaldeatɔwo vɛ, ne woaɖe drɔ̃e la gɔme na fia la; eye wova hetsi tre ɖe fia la ŋku me.


Eye fia la de bubu Daniel ŋu, eye wòtsɔ nunana gã geɖewo nɛ, etsɔe ɖo Babel-nyigba blibo la nu, eye wòtsɔe ɖo Babel-nunyalawo katã ƒe tatɔe.


Esia nye drɔ̃e, si nye fia Nebukadnezar meku; Beltsazar, ɖe egɔme nam, elabena nunyala, siwo katã le nye fiaɖuƒe me la, mete ŋu ɖe egɔme nam o; ke wò la ale ŋu aɖe egɔme, elabena mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le mewò.


Ŋutsua ɖe le wò flaɖuƒe la me, amesi me mawu kɔkɔewo ƒe gbɔgbɔ le. Le fofowò ŋɔli la wokpɔ sidzedze gɔmesese kple nunya le esi abe mawuwo ƒe nunya ene, eye fofowò, fia Nebukadnezar, tsɔe ɖo dzotɔwo, bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple gbesalawo ƒe tatɔe,


Tete fia la do ɣli sesĩe be, woayɔ bokɔnɔwo, Kaldeatɔwo kple dzotɔwo vɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ na Babel-nunyalawo bena: Amesi axlẽ nuŋɔŋlɔ sia, eye wòaɖe egɔme nam la, woata aɖabɛ nɛ, woade sika kɔsɔkɔsɔ kɔ nɛ, eye wòanye etɔ̃lia aɖu dzi le nye fiaɖuƒe la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa