Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Anyigbadzitɔwo katã meɖi naneke nɛ o, eye wòwɔa dziƒo ŋu nuwo kple anyigbadzitɔwo alesi dze eŋu, eye amea ɖeke meli alé eƒe asi agblɔ be, nuka nye esi wɔm nèle hã o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Woanya wò do goe le amewo dome eye nànɔ lã wɔadãwo dome; àɖu gbe abe nyi ene. Fe adre ava yi na wò va se ɖe esime nànyae be Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi, eye wòtsɔa wo naa ame si wòdi be yeatsɔ wo ana la.”

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:32
22 Mawu Ofanana  

Edo gbe ɖa nɛ, eye wosee nɛ, eɖo to eƒe kokoƒoƒo, eye wògakplɔe va Yerusalem le eƒe fiaɖuƒe la me. Tete Manase dze sii be, Yehowa ye nye Mawu.


Azɔ menyae be, ate ŋu awɔ nuwo katã, eye nusi nèdo la, mesesẽna na wò o.


Kpɔ ɖa, ehoa nu kple ke, ameka axe mɔ na? Ameka agblɔ nɛ be: Nuka wɔm nèle?


Mía Mawu le dziƒo, nusianu, si dze eŋu la, wòwɔna.


Nusianu, si dze Yehowa ŋu la, ewɔnɛ le dziƒo kple anyigba dzi, le atsiaƒuwo me kple gogloƒewo katã.


Eye wolɔ wo li kɔ gagãwoe, eye anyigba la katã dzi va ʋeʋẽ ge kũ.


Ne menye nenem o la, mala nye fuwɔamewo katã atrɔ ɖe wò ŋutɔ, ŋuwò mewo kple dukɔ la dzi, bena nanyae be, amea ɖeke mede nunye le anyigba blibo la katã dzi o.


Mose ɖo ŋu nɛ bena: Ne menya do le dua me ko la, make nye abɔwo me na Yehowa, bena dziɖegbe la nu natso, eye kpetsia nadzudzɔ dzadza, ne nanyae be, Yehowa ta enye anyigba la.


Azɔ Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso esi me, ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Yehowa.


Kpɔ ɖa, dukɔwo le abe tsi toŋtoŋ le ze ŋu ene, wobu wo abe ʋuʋudedi le nudanu ŋu ene; kpɔ ɖa, edo ƒukpowo abe kekui ko ene!


Dukɔwo katã mele ɖeke me le eŋku me o, ebu wo abe nu maɖinui kple tofloko ene.


eye matsɔ kesinɔnu, si le blukɔ me, kple nu xɔasi, siwo woɣla la, ana wò, ne nadze sii be, nye Yehowa, Israel ƒe Mawu la, enye amesi tsɔ ŋkɔ yɔ wòe,


Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;


Esi azã de la, nye Nebukadnezar mefɔ mo dzi, nye mo gakɔ, eye mede akpe na dziƒoʋĩtɔ la, mekafu amesi le agbe tegbee la, eye mede bubu eŋu, eya amesi ƒe dziɖuɖu li tegbee, eye eƒe fiaɖuƒe le ƒomewo katã me.


Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.


ne anyigba dzi dukɔwo katã nadze si Yehowa ƒe asi sesẽ la, eye miawo miavo Yehowa, mia Mawu la ɣesiaɣi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa