Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:25 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Nusiawo katã va fia Nebukaɖnezar dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

25 Woanya wò ɖa le amewo dome eye nànɔ agbe abe lã wɔadãwo ene; àɖu gbe abe nyi ene eye dziƒozãmu adza ɖe dziwò. Ƒe adre ava yi va se ɖe esime nànyae be, Dziƒoʋĩtɔ lae nye fia ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi eye wòtsɔa wo naa ame si dzea eŋu.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:25
15 Mawu Ofanana  

Yehowa li eƒe fiazikpui de dziƒo, eye eƒe fiaɖuƒe ɖua nuwo katã dzi.


Eye wotsɔ woƒe ŋutikɔkɔe ɖɔ li nyitsu, si ɖua gbe, ƒe nɔnɔme.


Elabena menye ɣedzeƒe alo ɣetoɖoƒe alo gbedzie dodoɖedzi tsona o,


Ŋu akpe wo, eye ŋɔ adzi wo tegbee, woƒe mo atsi dã, eye woatsrɔ̃,


Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;


Wò fia, si nye etiɔwo ƒe fia, amesi dziƒo ƒe Mawu la tsɔ fiaɖuɖu, ŋusẽ, kamesesẽ kple bubu na,


Tete fia la gblɔ na Daniel bena; Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo defiala; elabena èle ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia.


Tete Daniel, amesi ŋkɔ nye Beltsazar la ƒe nu tsi te se eye eƒe susuwo ɖo ŋɔdzi nɛ. Eye fia la xɔ edzi gblɔ bena. Beltsazar, drɔe la kple egɔmeɖeɖe megadzi ŋɔ na wò o. Beltsazar ɖo eŋu gblɔ bena; Nye aƒem, drɔ̃e la neɖi wò ketɔwo ŋu, eye egɔmeɖeɖe neɖi wò futɔwo ŋu!


Ati gã lolo, si nèkpɔ wòkɔ ɖatɔ dziŋgɔli, eye wòvu de anyigba blibo la dzi,


Meku drɔ̃e, eye wòna medze haha, nye tamesusuwo le nye aba dzi kple nye ŋutegawo na dzidzi ƒom.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa