Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Daniel 4:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Esia nyee dzɔlawo ƒe tameɖodo, eye kɔkɔetɔ la ƒe se enye nya sia, ne agbagbeawo nadze si be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖu amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, amesi dze eŋu la, wòtsɔa wo nana, eye ate ŋu atsɔ ame tsɛwo ado wo nu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Daniel 4:14
19 Mawu Ofanana  

Dadaa ƒe akɔ aŋlɔe be, avivi nyẽwo nu, eye womagaɖo ŋku edzi o; woaŋe ame vlo abe ati ene,


Nyee tso nye ŋusẽ gã kple nye alo, si le dzi la, wo anyigba, amegbetɔwo kple lãwo, siwo le anyigba dzi, eye amesi dze ŋunye la, metsɔnɛ na.


Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, ne míagatsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me o, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia; nusi wòwɔ la, eya teƒe woaɖo nɛ.


Miehe, míada gbe le Babel ŋu, ke hayahaya mele eŋu o; eyata migblẽè ɖi, eye mia dome amesiame neyi eƒe anyigba dzi, elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ de dziƒo ke, eye wòɖatɔ alilikpowo.


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Esi wòkɔ alea, eƒe ɖɔmee ɖatɔ alilikpowo, eye wòle dadam le eƒe kɔkɔ ta la,


Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi, enaa nunya nunyalawo kple sidzedze nugɔmeselawo;


Eye gbeƒãɖela ɖo ɣli sesie bena: Mi dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo, wole se dem na nu be:


Ke migblẽ eƒe takpoea ɖe to me, eye mide gayibɔ kple akɔbli kɔsɔkɔsɔe ɖe gbe dama me, dziƒo zãmu naƒo, eye eya kple gbemelãwo naɖu anyigba dzi gbe.


Eye esi wode se be, ati la ƒe takpoea nesusɔ la, eya nye be, wò fiaɖuƒe la atsi anyi na wò, ne nadze sii be, dziƒo si me ŋusẽ le.


woanyã wo le amegbetɔwo dome, eye anɔ gbemelãwo gbɔ, woana gbe wò naɖu abe nyitsu ene, vaseɖe esime azã adre nu nava yi na wò, eye nadze sii be, dziƒoʋĩtɔ la kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔa wo nana.


Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


Wonyãe le amegbetɔwo dome, eye eƒe dzi zu abe la tɔ ene, enɔ gbetedziwo gbɔ, wona gbee wòɖu abe nyitsu ene, eye dziƒo zãmu ƒoe, vaseɖe esime wòdze sii be, Mawu dziƒoʋĩtɔ la kpo ŋusẽ ɖe amegbetɔwo ƒe fiaɖuƒewo dzi, eye amesi dze eŋu la, eyae wòtsɔnɛ na.


Ke azɔ la wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gã hã xoxo. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me.


Ke wotsɔ fia ɖo atiwo ƒe ke dzi gɔ̃ hã xoxo; azɔ ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ ɖea dzo me.


eye wòdo ɣli kple gbe gãa ɖe, abe alesi dzata ɖea gbe ene, eye esime wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go.


Eye wòdo ɣli kple gbe sesẽ le gbɔgblɔm bena: Emu, Babilon gã la mu! Eye wòtrɔ zu gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔƒe kple gbɔgbɔ makɔmakɔwo katã ƒe gaxɔ kple xevi makɔmakɔ, siwo katã wotsri la, ƒe xadza.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa